< Psalmowo 82 >

1 Asaf ƒe ha. Mawu nɔ zi me na takpekpe gã la, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu le “mawuwo” dome.
Een lied van Asaf. God staat op in de goddelijke raad, Houdt gericht te midden der goden!
2 “Va se ɖe ɣe ka ɣi miaʋli ame baɖa la ta, eye miatso afia ade ame vɔ̃ɖi la dzi?” (Sela)
Hoelang nog zult gij onrechtvaardige vonnissen vellen, En voor de bozen partij blijven trekken?
3 “Miʋli ame gblɔewo kple tsyɔ̃eviwo ta, eye miwɔ dɔmenyo na hiãtɔwo kple ame siwo wote ɖe to.
Neemt het op voor zwakken en wezen, Geef den geringe en verdrukte zijn recht:
4 Mixɔ na ame gblɔewo kple hiãtɔwo, eye miɖe wo tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.
Redt den behoeftige en arme, En rukt ze uit de handen der bozen!
5 “Womenya naneke o, womese naneke gɔme o. Wole zɔzɔm le blukɔ me, eye anyigba ƒe agunuwo katã ʋuʋu.
Maar ze hebben verstand noch begrip; ze tasten in duisternis rond, En brengen alle grondslagen der aarde aan het wankelen!
6 “Megblɔ be, ‘Mawuwoe mienye; mi katã mienye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viŋutsuwo’,
Ik had gezegd: Gij zijt goden, Zonen van den Allerhoogste, gij allen;
7 gake miaku abe amegbetɔwo ko ene eye miatsi aʋa abe fia ɖe sia ɖe ko ene.”
Maar gij zult sterven als mensen, En als een der afgoden vallen!
8 O! Mawu, tso, eye nàdrɔ̃ ʋɔnu anyigba la elabena dukɔwo katã nye wò domenyinu.
Sta op, o God, en richt de aarde; Want alle volkeren behoren U toe!

< Psalmowo 82 >