< Psalmowo 81 >

1 Asaf ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe gitit ƒe gbeɖiɖi nu. Midzi ha, mikpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, míaƒe ŋusẽ la ŋu, eye mitso aseye kple ɣli ɖe Yakob ƒe Mawu la ŋu!
亞薩的詩,交與伶長。用迦特樂器。 你們當向上帝-我們的力量大聲歡呼, 向雅各的上帝發聲歡樂!
2 Mido ha ɖa, xatsɛwo neɖi, miƒo kasaŋku kple gakasaŋku siwo ƒe gbe me kɔ.
唱起詩歌,打手鼓, 彈美琴與瑟。
3 Miku lãdzokpẽwo le Dzinu Yeye dzi kple ne dzinu sɔ tegblẽe le míaƒe ŋkekenyuiɖugbe.
當在月朔並月望- 我們過節的日期吹角,
4 Esia nye se na Israel kple ɖoɖo na Yakob ƒe Mawu la.
因這是為以色列定的律例, 是雅各上帝的典章。
5 Esi Mawu tso ɖe Egiptetɔwo ŋu la, eɖoe anyi be wòanye se na Yosef, afi si míese gbegbɔgblɔ si gɔme míese o la le:
他去攻擊埃及地的時候, 在約瑟中間立此為證。 我在那裏聽見我所不明白的言語:
6 Egblɔ be, “Meɖe agba la ɖa le woƒe abɔta, eye woɖe woƒe asiwo ɖa le kusi la ŋuti.
上帝說:我使你的肩得脫重擔, 你的手放下筐子。
7 Mieyɔm le miaƒe xaxa me, eye mexɔ na mi. Metɔ na mi le dziɖegbelilikpo la me. Medo mi kpɔ le Meriba tsi la gbɔ. (Sela)
你在急難中呼求,我就搭救你; 我在雷的隱密處應允你, 在米利巴水那裏試驗你。 (細拉)
8 Mísee, o nye dukɔ, maxlɔ̃ nu mi. O! Israel, nenye ɖe nàɖo tom ɖe!
我的民哪,你當聽,我要勸戒你; 以色列啊,甚願你肯聽從我。
9 Dzromawu aɖeke maganɔ dowòme o; màgade ta agu na mawu tutɔ aɖeke o.
在你當中,不可有別的神; 外邦的神,你也不可下拜。
10 Nyee nye Yehowa, wò Mawu, ame si kplɔ wò do goe tso Egipte. Ke wò nu baa, eye mana wòayɔ.
我是耶和華-你的上帝, 曾把你從埃及地領上來; 你要大大張口,我就給你充滿。
11 “Ke nye dukɔ meɖo to nye gbe o; Israel gbe, mebɔbɔ eɖokui nam o,
無奈,我的民不聽我的聲音; 以色列全不理我。
12 eya ta meɖe asi le wo ŋu na woƒe dzi sesẽwo, ne woadze nu siwo woawo ŋutɔ ɖo la yome.
我便任憑他們心裏剛硬, 隨自己的計謀而行。
13 “Ɖe wònye nye dukɔ aɖo tom, eye Israel nazɔ nye mɔwo dzi la,
甚願我的民肯聽從我, 以色列肯行我的道,
14 aleke nyemahabɔbɔ woƒe futɔwo ɖe anyii kaba, eye nyemahakɔ nye asiwo dzi ɖe woƒe ketɔwo ŋui o!
我便速速治服他們的仇敵, 反手攻擊他們的敵人。
15 Ame siwo lé fu Yehowa la ada alakpa le eŋkume, eye woƒe tohehe anɔ anyi tegbee.
恨耶和華的人必來投降, 但他的百姓必永久長存。
16 Ke míaɖu bliwɔ nyuitɔ, eye matsɔ kpetomenyitsi aɖi ƒoe na mi.”
他也必拿上好的麥子給他們吃, 又拿從磐石出的蜂蜜叫他們飽足。

< Psalmowo 81 >