< Psalmowo 80 >

1 Asaf ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Nubabla ƒe Dzogbenya” ƒe gbeɖiɖi nu. O, Israel ƒe Kplɔla, ɖo to mí, wò ame si kplɔ Yosef ƒe dzidzimeviwo abe lãha ene; wò ame si nɔ anyi ɖe kerubiwo titina gli, klẽ
Müzik şefi için - “Zambaklar Antlaşması” makamında - Asaf'ın mezmuru Kulak ver, ey İsrail'in çobanı, Ey Yusuf'u bir sürü gibi güden, Keruvlar arasında taht kuran, Saç ışığını,
2 le Efraim, Benyamin kple Manase ŋgɔ. Nyɔ wò ŋusẽ, va nàxɔ na mí.
Efrayim, Benyamin, Manaşşe önünde Uyandır gücünü, Gel, kurtar bizi!
3 O! Mawu, gaɖo mí te; na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, be míakpɔ xɔxɔ.
Bizi eski halimize kavuştur, ey Tanrı, Yüzünün ışığıyla aydınlat, kurtulalım!
4 O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, va se ɖe ɣe ka ɣi wò dɔmedzoe abi ɖe wò dukɔ ƒe gbedodoɖa ŋu?
Ya RAB, Her Şeye Egemen Tanrı, Ne zamana dek halkının dualarına ateş püsküreceksin?
5 Èna aɖatsibolo wo woɖu, eye nèna aɖatsi wo wono taŋtaŋ.
Onlara ekmek yerine gözyaşı verdin, Ölçekler dolusu gözyaşı içirdin.
6 Ètsɔ mí wɔ dzrewɔnui na míaƒe aƒelikawo, eye míaƒe futɔwo ɖe alɔme le mía ŋu.
Kavga nedeni ettin bizi komşularımıza, Düşmanlarımız alay ediyor bizimle.
7 O! Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, gaɖo mí te; na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, be míakpɔ xɔxɔ.
Bizi eski halimize kavuştur, Ey Her Şeye Egemen Tanrı, Yüzünün ışığıyla aydınlat, kurtulalım!
8 Ètsɔ wainka tso Egipte, ènya dukɔwo, eye nèdoe.
Mısır'dan bir asma çubuğu getirdin, Ulusları kovup onu diktin.
9 Èdzra eŋuti ɖo nyuie, eye wòto ke hevu tsyɔ anyigba.
Onun için toprağı hazırladın, Kök saldı, bütün ülkeye yayıldı.
10 Edo vɔvɔli ɖe towo tame eye wòɖe alɔ de sedati kɔkɔwo tame.
Gölgesi dağları, Dalları koca sedir ağaçlarını kapladı.
11 Eɖe alɔ yi ɖe keke ƒuta ke, eye eƒe kewo yi ɖe keke Frat tɔsisi la nu ke.
Sürgünleri Akdeniz'e, Filizleri Fırat'a dek uzandı.
12 Nu ka ŋuti nègbã kpɔ le eŋu, ale be ame siwo to afi ma yi la fɔ wain tsetsewo?
Niçin yıktın bağın duvarlarını? Yoldan geçen herkes üzümünü koparıyor,
13 Gbehawo nya avuzi le edzi, eye gbemelãwo ɖui.
Orman domuzları onu yoluyor, Yabanıl hayvanlar onunla besleniyor.
14 Trɔ va mía gbɔ, O Mawu, Ŋusẽkatãtɔ! Do kɔ ɖa tso dziƒo, eye nàkpɔ nu! Kpɔ wainka sia ta,
Ey Her Şeye Egemen Tanrı, ne olur, dön bize! Göklerden bak ve gör, İlgilen bu asmayla.
15 ke si wò nuɖusi do, viŋutsu si wò ŋutɔ nèhe wòtsi.
İlgilen sağ elinin diktiği filizle, Kendine seçtiğin oğulla!
16 Wolã wò wainka, wotɔ dzoe, eye wò mokaname na wò amewo tsrɔ̃.
Asman kesilmiş, yakılmış, Öfkeli bakışların yok etsin düşmanlarını!
17 Wò asi nenɔ ŋutsu si le wò nuɖusime, amegbetɔvi si nènyi na ɖokuiwò la dzi.
Elin, sağ kolun olan adamın üzerinde, Kendine seçtiğin insanın üzerinde olsun!
18 Ekema míatrɔ le yowòme o; gbɔ agbe mí, eye míayɔ wò ŋkɔ.
O zaman senden asla ayrılmayacağız; Yaşam ver bize, adını analım!
19 O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, gaɖo mí te; na wò mo nàklẽ ɖe mía dzi be míakpɔ xɔxɔ.
Ya RAB, ey Her Şeye Egemen Tanrı, Bizi eski halimize kavuştur, Yüzünün ışığıyla aydınlat, kurtulalım!

< Psalmowo 80 >