< Psalmowo 8 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe gitit ƒe gbeɖiɖi nu. O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ, aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale! Èɖo wò ŋutikɔkɔe anyi ɖe dziƒowo tame.
Zborovođi. Po napjevu “Tijesci”. Psalam. Davidov. Jahve, Gospode naš, divno je ime tvoje po svoj zemlji, veličanstvom nebo natkriljuješ!
2 Èɖo kafukafu anyi ɖe ɖeviwo kple vi nonowo ƒe nu me le wò futɔwo ta be nàmia nu na futɔ kple hlɔ̃biala la.
U ustima djece i dojenčadi hvalu si spremio protiv neprijatelja, da postidiš mrzitelja, zlotvora.
3 Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔwo, ne mekpɔ ɣleti kple ɣletiviwo, nu siwo nètsɔ ɖo wo nɔƒee la,
Gledam ti nebesa, djelo prstiju tvojih, mjesec i zvijezde što ih učvrsti -
4 Nu kae nye amegbetɔ be wò ŋkuwo le eŋuti kple amegbetɔvi be nèléa be nɛ?
pa što je čovjek da ga se spominješ, sin čovječji te ga pohodiš?
5 Èwɔe wòsɔ kple Mawu kloe, eye nètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ.
Ti ga učini malo manjim od Boga, slavom i sjajem njega okruni.
6 Èwɔe be wòanye agbo ɖe wò asinudɔwɔwɔ dzi; eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te.
Vlast mu dade nad djelima ruku svojih, njemu pod noge sve podloži:
7 Alẽhawo, nyihawo, gbemelãwo,
ovce i svakolika goveda, i zvijeri poljske k tome,
8 dziƒoxeviwo, ƒumelãwo kple nu siwo katã ƒua tsi le atsiaƒu me la le eƒe kpɔkplɔ te.
ptice nebeske i ribe morske, i što god prolazi stazama morskim.
9 O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ, aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale!
Jahve, Gospode naš, divno je ime tvoje po svoj zemlji!

< Psalmowo 8 >