< Psalmowo 79 >

1 Asaf ƒe ha. O! Mawu, dukɔwo nye zi ɖe wò domenyinu la dzi, wodo gu wò gbedoxɔ kɔkɔe la, eye wogbã Yerusalem wòzu anyiglagoe.
مَزْمُورٌ لآسَافَ يَا اللهُ، إِنَّ الأُمَمَ قَدْ دَخَلَتْ مِيرَاثَكَ وَنَجَّسَتْ هَيْكَلَكَ الْمُقَدَّسَ وَجَعَلَتْ أُورُشَلِيمَ أَكْوَاماً.١
2 Wotsɔ wò dɔlawo ƒe kukuawo na dziƒoxewo abe nuɖuɖu ene, eye wotsɔ wò ame kɔkɔeawo ƒe ŋutilã na anyigbadzilã wɔadãwo.
جَعَلُوا جُثَثَ عَبِيدِكَ مَأْكَلاً لِطُيُورِ السَّمَاءِ، وَلُحُومَ قِدِّيسِيكَ لِوُحُوشِ الأَرْضِ.٢
3 Wokɔ woƒe ʋu ɖi abe tsi ene ƒo xlã Yerusalem, eye ame aɖeke meli aɖi ame kukuawo o.
سَفَكُوا دِمَاءَهُمْ كَالْمَاءِ حَوْلَ أُورُشَلِيمَ، وَلَيْسَ هُنَاكَ مَنْ يَدْفِنُهُمْ.٣
4 Míezu fewuɖunu na míaƒe aƒelikawo, eye míezu alɔmeɖenu kple vlodonu na ame siwo ƒo xlã mí.
قَدْ صِرْنَا عَاراً عِنْدَ جِيرَانِنَا، وَمَثَارَ هُزْءٍ وَأُضْحُوكَةً لِمَنْ حَوْلَنَا.٤
5 O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi? Ɖe nàdo dɔmedzoe tegbeea? Va se ɖe ɣe ka ɣi wò ŋuʋaʋã abi abe dzo ene?
إِلَى مَتَى يَدُومُ هَذَا يَا رَبُّ؟ أَتَبْقَى غَاضِباً تَتَّقِدُ غَيْرَتُكَ كَالنَّارِ إِلَى الأَبَدِ؟٥
6 Trɔ wò dziku helĩhelĩ la kɔ ɖe dukɔ siwo menya wò o la dzi kple fiaɖuƒe siwo meyɔa wò ŋkɔ o la dzi.
صُبَّ غَضَبَكَ عَلَى الأُمَمِ الَّذِينَ لَمْ يَعْرِفُوكَ، وَعَلَى الْمَمَالِكِ الَّتِي لَمْ تَدْعُ بِاسْمِكَ،٦
7 Elabena wovuvu Yakob, eye wogbã eƒe denyigba.
فَإِنَّهُمْ قَدِ افْتَرَسُوا يَعْقُوبَ وَقَوَّضُوا مَسْكَنَهُ.٧
8 Mègawɔ na mí ɖe mía fofowo ƒe nu vɔ̃ nu o; na wò nublanuikpɔkpɔ nava do go mí kaba, elabena míeɖo xaxa gã aɖe me.
لَا تَذْكُرْ عَلَيْنَا آثَامَ أَجْدَادِنَا، بَلْ دَعْ مَرَاحِمَكَ تُوَافِينَا سَرِيعاً، لأَنَّنَا قَدْ تَذَلَّلْنَا جِدّاً.٨
9 O! Mawu, mía Ɖela, kpe ɖe mía ŋu le wò ŋkɔ ƒe bubu ta. Ɖe mí, eye nàtsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí le wò ŋkɔ la ta.
أَغِثْنَا أَيُّهَا الإِلَهُ مُخَلِّصُنَا مِنْ أَجْلِ مَجْدِكَ. أَنْقِذْنَا وَاغْفِرْ لَنَا خَطَايَانَا مِنْ أَجْلِ اسْمِكَ.٩
10 Nu ka ŋuti dukɔwo agblɔ be, “Afi ka woƒe Mawu la le?” Le míawo ŋutɔ ƒe ŋkume, na dukɔwo nanya be, èbia hlɔ̃ na wò dɔla siwo ƒe ʋu wokɔ ɖi.
لِمَاذَا تَسْأَلُنَا الأُمَمُ: أَيْنَ إِلَهُكُمْ؟ دَعْنَا نَرَى كَيْفَ يَذِيعُ بَيْنَ الأُمَمِ خَبَرُ انْتِقَامِكَ لِدِمَاءِ عَبِيدِكَ الْمَسْفُوكَةِ.١٠
11 Aʋaléleawo ƒe ŋeŋe neɖo gbɔwò, tsɔ wò asi ƒe ŋusẽ ɖe ame siwo wotso kufia na.
لِيَتَصَاعَدْ أَمَامَكَ أَنِينُ الْمَأْسُورِ. حَافِظْ بِعَظَمَةِ قُوَّتِكَ عَلَى الْمَحْكُومِ عَلَيْهِمْ بِالْمَوْتِ.١١
12 O! Aƒetɔ, ɖo vlo, si míaƒe aƒelikawo do wò la teƒe na wo zi adre.
رُدَّ يَا رَبُّ عَلَى الأُمَمِ سَبْعَ مَرَّاتٍ مَا عَيَّرُوكَ وَأَهَانُوكَ بِهِ،١٢
13 Ekema mí wò dukɔ, wò lãnyiƒe ƒe alẽwo akafu wò tegbee, eye tso dzidzime yi dzidzime míaɖe wò kafukafu afia.
فَنَحْمَدَكَ نَحْنُ شَعْبَكَ وَغَنَمَ مَرْعَاكَ إِلَى الأَبَدِ وَنُذِيعَ تَسْبِيحَكَ مِنْ جِيلٍ إِلَى جِيلٍ.١٣

< Psalmowo 79 >