< Psalmowo 78 >

1 Asaf ƒe nufiameha. O! Nye dukɔ, mise nye nufiame, eye miɖo to nye numenyawo.
משכיל לאסף האזינה עמי תורתי הטו אזנכם לאמרי-פי
2 Make nye nu, aƒo nu le lododowo me. Magblɔ nu siwo le ɣaɣla, nu siwo li tso blema ke.
אפתחה במשל פי אביעה חידות מני-קדם
3 Nu siwo míese, eye míenya, nu siwo mía fofowo tsɔ tu xoe na mí.
אשר שמענו ונדעם ואבותינו ספרו-לנו
4 Míawo míaɣlae ɖe mía viwo o, ke boŋ míagblɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔ siwo dze na kafukafu, eƒe ŋusẽ kple nukudɔ siwo wòwɔ la na megbeviwo.
לא נכחד מבניהם-- לדור אחרון מספרים תהלות יהוה ועזוזו ונפלאתיו אשר עשה
5 Ewɔ ɖoɖowo na Yakob, eye wòɖo se anyi ɖe Israel, se siwo ŋu wòde se na mía fofowo be woafia wo viwo,
ויקם עדות ביעקב ותורה שם בישראל אשר צוה את-אבותינו-- להודיעם לבניהם
6 ale be dzidzime megbetɔwo hã nanya wo, eye vi siwo womedzi haɖe o hã nanya wo, ne woawo hã nafia wo viwo.
למען ידעו דור אחרון--בנים יולדו יקמו ויספרו לבניהם
7 Ekema woatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ ada ɖe Mawu dzi, eye womaŋlɔ eƒe nuwɔwɔwo be o, ke boŋ woalé eƒe sewo me ɖe asi.
וישימו באלהים כסלם ולא ישכחו מעללי-אל ומצותיו ינצרו
8 Ke womanɔ abe wo fofo kɔlialiatɔwo, dzidzime dzeaglã, ame siwo ƒe dzi meku ɖe Mawu ŋu o, eye woƒe gbɔgbɔ meto nyateƒe nɛ o la ene o.
ולא יהיו כאבותם-- דור סורר ומרה דור לא-הכין לבו ולא-נאמנה את-אל רוחו
9 Togbɔ be aŋutrɔwo le Efraimtɔwo si hã la, wotrɔ megbe si dzo le aʋakpegbe.
בני-אפרים נושקי רומי-קשת הפכו ביום קרב
10 Womelé Mawu ƒe nubabla me ɖe asi o, eye wogbe be yewomanɔ agbe ɖe eƒe se la nu o.
לא שמרו ברית אלהים ובתורתו מאנו ללכת
11 Woŋlɔ nu si wòwɔ la be, esiwo nye nukunu siwo wòɖe fia wo.
וישכחו עלילותיו ונפלאותיו אשר הראם
12 Ewɔ nukunu le wo fofowo ŋkume le Egiptenyigba dzi, le Zoan nuto me.
נגד אבותם עשה פלא בארץ מצרים שדה-צען
13 Ema atsiaƒu, hekplɔ wo to emee, eye wòna tsi la tɔ dzɔ kã abe glikpɔ ene.
בקע ים ויעבירם ויצב-מים כמו-נד
14 Etsɔ lilikpo kplɔ woe le ŋkeke me, eye wòtsɔ dzo keklẽ kplɔ woe le zã me.
וינחם בענן יומם וכל-הלילה באור אש
15 Efe agakpe me le gbegbe, eye wòna tsi wo wòsɔ gbɔ abe atsiaƒumetsiwo ene.
יבקע צרים במדבר וישק כתהמות רבה
16 Ena tsi do tso agakpe me eye tsi la si bababa abe tɔsisiwo ene.
ויוצא נוזלים מסלע ויורד כנהרות מים
17 Ke woyi edzi gawɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu, eye wodze aglã ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu le gbedzi.
ויוסיפו עוד לחטא-לו-- למרות עליון בציה
18 Wotsɔ woƒe lɔlɔ̃nu te Mawu kpɔ, esi wobia nuɖuɖu si le wo dzrom vevie.
וינסו-אל בלבבם-- לשאל-אכל לנפשם
19 Woƒo nu tsi tsitre ɖe Mawu ŋu be, “Ɖe Mawu ate ŋu aɖo kplɔ̃ na mí le gbedzia?
וידברו באלהים אמרו היוכל אל--לערך שלחן במדבר
20 Esi wòtsɔ nu ƒo agakpe la, tsi do bababa, eye tɔʋuwo si kplakplakpla. Gake ɖe wòate ŋu ana nuɖuɖu mía? Ate ŋu ana lã eƒe dukɔa?”
הן הכה-צור ויזובו מים-- ונחלים ישטפו הגם-לחם יוכל תת אם-יכין שאר לעמו
21 Esi Yehowa se wo ŋkɔ la, dzi kui vevie; eƒe dzo bi ɖe Yakob ŋu, eye eƒe dɔmedzoe de dzi ɖe Israel ŋu,
לכן שמע יהוה-- ויתעבר ואש נשקה ביעקב וגם-אף עלה בישראל
22 elabena womexɔ Mawu dzi se, alo ka ɖe eƒe xɔname dzi o.
כי לא האמינו באלהים ולא בטחו בישועתו
23 Ke hã la, eɖe gbe na lilikpowo le dzi, eye wòʋu dziƒo ƒe ʋɔtruwo,
ויצו שחקים ממעל ודלתי שמים פתח
24 ena mana dza tso dziƒo na dukɔ la be woaɖu, eye wòna bli wo tso dziƒo.
וימטר עליהם מן לאכל ודגן-שמים נתן למו
25 Amegbetɔ ɖu mawudɔlawo ƒe nuɖuɖu, eye wòɖo nuɖuɖu si sinu wohiã la ɖe wo.
לחם אבירים אכל איש צידה שלח להם לשבע
26 Etu ka ɣedzeƒeya tso dziƒo, eye wòkplɔ dzigbeya kple eƒe ŋusẽ.
יסע קדים בשמים וינהג בעזו תימן
27 Ena lã dza ɖe wo dzi abe ʋuʋudedi ene, eye xe dzodzoewo abe ƒutake ene.
וימטר עליהם כעפר שאר וכחול ימים עוף כנף
28 Ena woge dze woƒe asaɖa me, eye woƒo xlã woƒe agbadɔwo.
ויפל בקרב מחנהו סביב למשכנתיו
29 Ale woɖui ʋuu heɖi ƒo taŋ, elabena ewɔ nu si dzrom wole la dzi na wo.
ויאכלו וישבעו מאד ותאותם יבא להם
30 Ke hafi nuɖuɖu si wodzro la navɔ, eye esi wògale nu me na wo ko la,
לא-זרו מתאותם עוד אכלם בפיהם
31 Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu; ewu ame sesẽwo le wo dome, eye wòlã Israel ɖekakpuiwo ƒu anyi.
ואף אלהים עלה בהם ויהרג במשמניהם ובחורי ישראל הכריע
32 To nu siawo katã gbɔ hã la, wogayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi, eye togbɔ be ewɔ nukunuwo hã la, womexɔe se o.
בכל-זאת חטאו-עוד ולא-האמינו בנפלאותיו
33 Ale wòna woƒe ŋkekewo wu nu nanekemakpɔkpɔe, eye woƒe ƒewo wu nu le ŋɔdzi me.
ויכל-בהבל ימיהם ושנותם בבהלה
34 Ɣe sia ɣi si ke Mawu wu wo ko la, wodinɛ, eye wogatrɔna ɖe eŋu kple vevidodo.
אם-הרגם ודרשוהו ושבו ושחרו-אל
35 Woɖoa ŋku edzi be Mawue nye woƒe Agakpe, eye Mawu Dziƒoʋĩtɔ lae nye woƒe Ɖela.
ויזכרו כי-אלהים צורם ואל עליון גאלם
36 Ke emegbe la, wotsɔa woƒe nu flunɛ, eye wotsɔa woƒe aɖe daa alakpa nɛ.
ויפתוהו בפיהם ובלשונם יכזבו-לו
37 Woƒe dziwo meku ɖe eŋu vavã o, eye womewɔ eƒe nubabla dzi le nyateƒe me o.
ולבם לא-נכון עמו ולא נאמנו בבריתו
38 Gake ekpɔ nublanui na wo; etsɔ woƒe vodadawo ke wo, eye metsrɔ̃ wo o. Zi geɖe la, eɖoa asi eƒe dziku dzi, eye menaa eƒe dɔmedzoe katã bina o.
והוא רחום יכפר עון-- ולא-ישחית והרבה להשיב אפו ולא-יעיר כל-חמתו
39 Eɖo ŋku edzi be ŋutilã ko wonye, eye wonye ya si ƒona yina gake megatrɔna gbɔna o.
ויזכר כי-בשר המה רוח הולך ולא ישוב
40 Zi nenie womedze aglã ɖe eŋu le gbedzi, eye womedo vevesese nɛ le kuɖiɖinyigba dzi o!
כמה ימרוהו במדבר יעציבוהו בישימון
41 Enuenu wotea Mawu kpɔna, eye wodoa dziku na Israel ƒe Kɔkɔetɔ la.
וישובו וינסו אל וקדוש ישראל התוו
42 Womeɖo ŋku eƒe ŋusẽ dzi, gbe si gbe wòɖe wo tso ŋutasẽla ƒe asi me,
לא-זכרו את-ידו יום אשר-פדם מני-צר
43 gbe si gbe wòɖe eƒe nukudzesiwo fia le Egipte kple eƒe nukudɔwo fia le Zoan nuto me o.
אשר-שם במצרים אתותיו ומופתיו בשדה-צען
44 Etrɔ woƒe tɔsisiwo wozu ʋu, eye womete ŋu no woƒe tɔʋumetsi o.
ויהפך לדם יאריהם ונזליהם בל-ישתיון
45 Eɖo togbato ƒe ha gã aɖe ɖe wo dome, woɖu wo kple akpɔkplɔwo wogblẽ woƒe nuwo.
ישלח בהם ערב ויאכלם וצפרדע ותשחיתם
46 Etsɔ woƒe nukuwo na ʋetrawo kple woƒe kutsetsewo na ʋetsuviwo.
ויתן לחסיל יבולם ויגיעם לארבה
47 Egblẽ woƒe waingblewo kple kpetsi, eye woƒe gbotiwo kple tsidzadza sesẽ.
יהרג בברד גפנם ושקמותם בחנמל
48 Etsɔ woƒe nyihawo na kpetsi, eye wòtsɔ woƒe lãhawo na dzikedzo.
ויסגר לברד בעירם ומקניהם לרשפים
49 Eɖo eƒe dɔmedzoe nyanyra, dziku helĩhelĩ, xaxa kple fuwɔame, siwo nye mawudɔla siwo gblẽa nu la ɖe wo.
ישלח-בם חרון אפו--עברה וזעם וצרה משלחת מלאכי רעים
50 Eɖe mɔ ɖi na eƒe dɔmedzoe; meɖe woƒe agbe tso ku me o, ke boŋ etsɔ wo de asi na dɔvɔ̃.
יפלס נתיב לאפו לא-חשך ממות נפשם וחיתם לדבר הסגיר
51 Ewu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbevi siwo nye woƒe ŋutsunyenye ƒe kutsetse gbãtɔwo le Ham gbadɔwo te.
ויך כל-בכור במצרים ראשית אונים באהלי-חם
52 Gake ekplɔ eƒe dukɔ la abe lãhawo ene, eye wòkplɔ wo abe alẽwo ene to gbedzi.
ויסע כצאן עמו וינהגם כעדר במדבר
53 Ekplɔ wo le dedinɔnɔ me, ale be womevɔ̃ o, gake ƒu la tsyɔ woƒe futɔwo dzi.
וינחם לבטח ולא פחדו ואת-אויביהם כסה הים
54 Ale wòkplɔ wo va eƒe anyigba kɔkɔe la ƒe liƒo dzi, va tonyigba si eƒe nuɖusi xɔ la gbɔ.
ויביאם אל-גבול קדשו הר-זה קנתה ימינו
55 Enya dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòma woƒe anyigba na wo be wòanye woƒe domenyinu, eye wòna Israel ƒe toawo nɔ woƒe aƒewo me.
ויגרש מפניהם גוים-- ויפילם בחבל נחלה וישכן באהליהם שבטי ישראל
56 Ke wote Mawu kpɔ, wodze aglã ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu, eye womelé eƒe sewo me ɖe asi o.
וינסו וימרו את-אלהים עליון ועדותיו לא שמרו
57 Abe wo fofowo ene la, womeɖo to o, wowɔ nu dzimaxɔsetɔe, eye wole abe dati doagblɔ ene, elabena womate ŋu aka ɖe wo dzi o.
ויסגו ויבגדו כאבותם נהפכו כקשת רמיה
58 Wotsɔ woƒe nuxeƒewo do dɔmedzoe nɛ, eye woƒe legbawo na ŋuʋaʋã tso le eya amea me.
ויכעיסוהו בבמותם ובפסיליהם יקניאוהו
59 Esi Mawu se wo ŋkɔ la, dzi kui vevie ŋutɔ, eye wògbe Israel keŋkeŋ.
שמע אלהים ויתעבר וימאס מאד בישראל
60 Ale wògblẽ agbadɔ si le Silo la ɖi, agbadɔ si wòtu ɖe amegbetɔwo dome.
ויטש משכן שלו אהל שכן באדם
61 Eɖo nubablaɖaka si nye eƒe ŋusẽ la ɖe aboyome, eye wòtsɔ eƒe atsyɔ̃nu de asi na futɔ la.
ויתן לשבי עזו ותפארתו ביד-צר
62 Etsɔ eƒe dukɔ de asi na yi, eye wòdo dɔmedzoe vevie ɖe eƒe domenyinu la ŋu.
ויסגר לחרב עמו ובנחלתו התעבר
63 Ena dzo fia eƒe ɖekakpuiwo, eye womedzi srɔ̃ɖeha na eƒe ɖetugbiwo o.
בחוריו אכלה-אש ובתולתיו לא הוללו
64 Wotsɔ woƒe nunɔlawo de asi na yi, eye avi bu ɖe woƒe ahosiwo.
כהניו בחרב נפלו ואלמנתיו לא תבכינה
65 Tete Aƒetɔ la nyɔ tso alɔ̃ me abe ale si aha kɔna le mo na ame si no wain mu la ene.
ויקץ כישן אדני כגבור מתרונן מיין
66 Enya eƒe futɔwo do ɖe megbe, eye wòdo ŋukpe mavɔ wo.
ויך-צריו אחור חרפת עולם נתן למו
67 Emegbe la, wògbe nu le Yosef ƒe agbadɔwo gbɔ, eye metia Efraim ƒe to la o.
וימאס באהל יוסף ובשבט אפרים לא בחר
68 Ke boŋ etia Yuda ƒe to la, esi nye Zion to si wòlɔ̃na vevie.
ויבחר את-שבט יהודה את-הר ציון אשר אהב
69 Etu eƒe kɔkɔeƒe la abe kɔkɔƒe ene, eye abe anyigba si wòli kee tegbetegbe ene.
ויבן כמו-רמים מקדשו כארץ יסדה לעולם
70 Etia David dɔla, eye wòɖee le alẽkpo me;
ויבחר בדוד עבדו ויקחהו ממכלאת צאן
71 tso alẽkplɔdɔ me, eye wòkplɔe vɛ be wòakplɔ eƒe dukɔ, Yakob kple eƒe domenyinu, Israel.
מאחר עלות הביאו לרעות ביעקב עמו ובישראל נחלתו
72 David kpɔ wo dzi le dzi dzɔdzɔe me, eye wòkplɔ wo le aɖaŋu me.
וירעם כתם לבבו ובתבונות כפיו ינחם

< Psalmowo 78 >