< Psalmowo 77 >
1 Asaf ƒe ha na Hɛnɔ Yedutun. Medo ɣli na Mawu be wòaxɔ nam; medo ɣli na Mawu be wòaɖo tom.
聖歌隊の指揮者によってエドトンのしらべにしたがってうたわせたアサフの歌 わたしは神にむかい声をあげて叫ぶ。わたしが神にむかって声をあげれば、神はわたしに聞かれる。
2 Esi meɖo xaxa me la, medi Aƒetɔ la; le zã me la, meke nye abɔwo me, gake ɖeɖi mete wo ŋu o, eye nye luʋɔ gbe akɔfafaxɔxɔ.
わたしは悩みの日に主をたずね求め、夜はわが手を伸べてたゆむことなく、わが魂は慰められるのを拒む。
3 O! Mawu, meɖo ŋku dziwò, eye meɖe hũu. Mele ŋeŋem, eye nu te nye gbɔgbɔ ŋu. (Sela)
わたしは神を思うとき、嘆き悲しみ、深く思うとき、わが魂は衰える。 (セラ)
4 Èna nye ŋkuwo gbe miamia; fuɖeɖewo sɔ gbɔ ale gbegbe be nyemate ŋu aƒo nu o.
あなたはわたしのまぶたをささえて閉じさせず、わたしは物言うこともできないほどに悩む。
5 Mebu gbe aɖe gbe ŋkekewo kple blemaƒewo ŋu.
わたしは昔の日を思い、いにしえの年を思う。
6 Tete meɖo ŋku ha siwo medzina le zã me la dzi. Nye dzi gbã, eye nye gbɔgbɔ bia be:
わたしは夜、わが心と親しく語り、深く思うてわが魂を探り、言う、
7 “Ɖe Aƒetɔ la agbe ame tegbetegbea? Ɖe magave ame nu akpɔ oa?
「主はとこしえにわれらを捨てられるであろうか。ふたたび、めぐみを施されないであろうか。
8 Ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la vɔ tegbetegbea? Ɖe eƒe ŋugbedodo vɔ hena ɣeyiɣiawo katã?
そのいつくしみはとこしえに絶え、その約束は世々ながくすたれるであろうか。
9 Ɖe Mawu ŋlɔ nublanuikpɔkpɔ bea? Ɖe wòɖo asi eƒe dɔmenyonyo dzi le dɔmedzoe ta?” (Sela)
神は恵みを施すことを忘れ、怒りをもってそのあわれみを閉じられたであろうか」と。 (セラ)
10 Tete megblɔ be, “Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nuɖusi ƒe ƒewo ko maƒo koko na.”
その時わたしは言う、「わたしの悲しみはいと高き者の右の手が変ったことである」と。
11 Maɖo ŋku Yehowa ƒe nuwɔwɔwo dzi, ɛ̃, maɖo ŋku nukunu siwo nèwɔ le blema la dzi.
わたしは主のみわざを思い起す。わたしは、いにしえからのあなたのくすしきみわざを思いいだす。
12 Made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo katã ŋu, eye mabu ta me le wò nuwɔwɔ dzɔatsuwo ŋu.
わたしは、あなたのすべてのみわざを思い、あなたの力あるみわざを深く思う。
13 O! Mawu, wò mɔwo le kɔkɔe mawu kae lolo abe míaƒe Mawu la ene?
神よ、あなたの道は聖である。われらの神のように大いなる神はだれか。
14 Wòe nye Mawu si wɔ nukunuwo, eye nèɖe wò ŋusẽ fia le dukɔwo dome.
あなたは、くすしきみわざを行われる神である。あなたは、もろもろの民の間に、その大能をあらわし、
15 Ètsɔ wò abɔ sesẽ la ɖe wò dukɔ la, ame siwo nye Yakob kple Yosef ƒe dzidzimeviwo. (Sela)
その腕をもっておのれの民をあがない、ヤコブとヨセフの子らをあがなわれた。 (セラ)
16 O! Mawu, tsiwo kpɔ wò, tsiwo kpɔ wò, eye woŋe, gogloƒewo ke hã dzo nyanyanya.
神よ、大水はあなたを見た。大水はあなたを見ておののき、淵もまた震えた。
17 Lilikpo ɖuɖu tsi bababa, dziŋgɔli ɖe gbe, eye wò aŋutrɔwo klẽ dzo bibibi, yi gagbɔ.
雲は水を注ぎいだし、空は雷をとどろかし、あなたの矢は四方にきらめいた。
18 Wose wò gbeɖeɖe le yali me, wò dzikedzo klẽ ɖe xexea me, eye anyigba ʋuʋu hedzo nyanyanya.
あなたの雷のとどろきは、つむじ風の中にあり、あなたのいなずまは世を照し、地は震い動いた。
19 Wò mɔ to atsiaƒu me, eye wò toƒe le tɔ gãwo me, gake womekpɔa wò afɔteƒe o.
あなたの大路は海の中にあり、あなたの道は大水の中にあり、あなたの足跡はたずねえなかった。
20 Èkplɔ wò dukɔ abe alẽha ene, to Mose kple Aron ƒe asiwo dzi.
あなたは、その民をモーセとアロンの手によって羊の群れのように導かれた。