< Psalmowo 76 >

1 Asaf ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. Wonya Mawu le Yuda, eye eƒe ŋkɔ lolo le Israel.
For the Chief Musician. On stringed instruments. A Psalm by Asaph. A song. In Judah, God is known. His name is great in Israel.
2 Eƒe agbadɔ le Salem, eye eƒe nɔƒe le Zion.
His tabernacle is also in Salem. His dwelling place in Zion.
3 Afi ma wòŋe aŋutrɔ bibiwo, akpoxɔnuwo kple yiwo le, nu siwo nye aʋawɔnuwo. (Sela)
There he broke the flaming arrows of the bow, the shield, and the sword, and the weapons of war. (Selah)
4 Keklẽ geɖe ƒo xlã wò, eye nènya kpɔ sãsãsã wu to siwo me adelã le fũu la.
Glorious are you, and excellent, more than mountains of game.
5 Woha kalẽtɔwo, wodɔ woƒe alɔ̃ mamlɛtɔ; aʋawɔla siawo dometɔ ɖeka pɛ hã magate ŋu akɔ eƒe asiwo dzi o.
Valiant men lie plundered, they have slept their last sleep. None of the men of war can lift their hands.
6 O! Yakob ƒe Mawu, esi nèblu ko la, sɔ kple tasiaɖam siaa tɔ ɖe teƒe ɖeka.
At your rebuke, God of Jacob, both chariot and horse are cast into a dead sleep.
7 Wò ko wòle be woavɔ̃. Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe nuwò ne èdo dɔmedzoe?
You, even you, are to be feared. Who can stand in your sight when you are angry?
8 Èɖe gbeƒã wò afiatsotso tso dziƒo, anyigba vɔ̃, eye wòzi ɖoɖoe.
You pronounced judgement from heaven. The earth feared, and was silent,
9 O! Mawu, esi nètso be yeatso afia, aɖe anyigba la ƒe hiãtɔwo la, nu sia nu zi ɖoɖoe. (Sela)
when God arose to judgement, to save all the afflicted ones of the earth. (Selah)
10 Vavã, wò dziku helĩhelĩ ɖe amewo ŋu, he kafukafu vɛ na wò, eye ame siwo tsi agbe le wò dziku la megbe la dze akɔ anyi.
Surely the wrath of man praises you. The survivors of your wrath are restrained.
11 Miɖe adzɔgbe na Yehowa, miaƒe Mawu la, eye mixe adzɔgbeɖefeawo; anyigba siwo katã ƒo xlã mi la netsɔ nunanawo vɛ na Ame si wòle be woavɔ̃ la.
Make vows to the LORD your God, and fulfil them! Let all of his neighbours bring presents to him who is to be feared.
12 Etsi dziɖulawo ƒe gbɔgbɔ nu; anyigbadzifiawo katã vɔ̃nɛ.
He will cut off the spirit of princes. He is feared by the kings of the earth.

< Psalmowo 76 >