< Psalmowo 74 >

1 Asaf ƒe nufiameha. O! Mawu, nu ka ŋuti nègble mí ɖi ɖikaa? Nu ka ta wò dɔmedzoe bi ɖe wò alẽ siwo le wò lãnyiƒe ŋuti?
Oh ʼElohim, ¿por qué nos desechaste para siempre? ¿Por qué humea tu ira contra las ovejas de tu prado?
2 Ɖo ŋku ame siwo nèƒle le blema, dukɔ si nye wò domenyinu, ame siwo nèɖe kple Zion, to afi si nènɔ la dzi.
Acuérdate de tu congregación, La que compraste desde tiempo antiguo, La que redimiste para que sea tribu de tu heredad, Y de esta Montaña Sion, donde moras.
3 Trɔ ɖe gli siwo gbã ɖikaɖika la ŋu, gbegblẽ siawoe futɔ la he va wò teƒe kɔkɔe lae.
Dirige tus pasos hacia las perpetuas desolaciones. Todo destruyó el enemigo en el Santuario.
4 Wò futɔwo le gbe ɖem le afi si nèdo go mí le; wova tsi woƒe aflaga ɖe teƒe la be wòanye dzesi anɔ afi ma.
Tus adversarios vociferan en medio de tu lugar de reunión. Pusieron como insignias sus propios estandartes.
5 Wole nu wɔm abe ŋutsu siwo lé fia ɖe asi le ave dodowo me be woalã atiwo ene.
Se parecen a los que levantan hachas en un bosque de árboles.
6 Wotsɔ woƒe fiawo kple yiwo dza aɖaŋu siwo wowɔ ɖe gliawo ŋu.
Y ahora todas sus entalladuras destruyen con hachas y martillos.
7 Wotɔ dzo wò kɔkɔeƒe la wòbi va anyigba, eye wodo gu teƒe si wò Ŋkɔ nɔna.
Y hasta los cimientos quemaron tu Santuario. Profanaron el lugar de morada de tu Nombre.
8 Wogblɔ le woƒe dzi me be, “Míagbã wo gudugudu!” Wotɔ dzo teƒe sia teƒe si wosubɔa Mawu le, le anyigba dzi.
Dijeron en su corazón: Destruyámoslos por completo. Y quemaron todas las congregaciones de ʼEL en la tierra.
9 Womegawɔa nukunu aɖeke na mí o; womegblẽ nyagblɔɖila aɖeke ɖi o eye mía dometɔ aɖeke menya ɣeyiɣi si nu sia nu ava yi o.
No vemos nuestras insignias, Ya no hay profeta, Ni hay entre nosotros quien sepa hasta cuándo.
10 O! Mawu, ɣe ka ɣi futɔ la aɖu fewu le ŋuwò ase ɖo? Ɖe ketɔ la ado vlo wò ŋkɔ tegbeea?
¿Hasta cuándo, oh ʼElohim, nos seguirá afrentando el adversario? ¿Seguirá blasfemando tu Nombre para siempre?
11 Nu ka ta nèhe wò asi, wò nuɖusi ɖe megbe ɖo? Ɖe wò asi doe le wò awu te, eye nàtsrɔ̃ wo!
¿Por qué retraes tu mano? ¿Por qué escondes tu mano derecha en tu regazo? ¡Destrúyelos!
12 Ke wò la, O Mawu, wòe nye fianye tso blema ke; wòe tsɔ ɖeɖe va anyigba la dzi.
Sin embargo, ʼElohim es mi Rey desde antaño, Quien hace obras de salvación en la tierra.
13 Wòe tsɔ wò ŋusẽ ma atsiaƒu, eye nègbã tɔmelã dziŋɔwo ƒe ta le tsiwo me.
Tú dividiste el mar con tu poder. Quebraste en las aguas las cabezas de los monstruos.
14 Wòe gbã Leviatan ƒe ta, eye nètsɔe wɔ nuɖuɖui na gbemelãwo.
Tú aplastaste las cabezas de cocodrilo. Lo diste como comida a las criaturas del desierto.
15 Wòe ʋu nu le tsitsetsewo kple tɔʋuwo nu wosi bababa, eye wòe na tɔ siwo sina ɖaa la mie.
Tú abriste fuentes y torrentes. Secaste corrientes impetuosas.
16 Ŋkeke nye tɔwò, eye zã hã tɔwòe; wòe wɔ ɣe kple ɣleti.
Tuyo es el día, tuya también la noche. Tú preparaste la luz y el sol.
17 Wòe ɖo liƒo na anyigba, eye wòe wɔ vuvɔŋɔli kple dzomeŋɔli.
Tú estableciste todos los límites de la tierra. Tú hiciste verano e invierno.
18 O! Yehowa, ɖo ŋku ale si futɔ la do vlo wò kple ale si bometsilawo ɖe alɔme le wò ŋkɔ ŋuti la dzi.
Recuerda esto, oh Yavé, que el enemigo te ofendió, Y gente insensata blasfemó tu Nombre.
19 Mègatsɔ wò akpakpa ƒe agbe de asi na lãwɔadãwo o, eye mègaŋlɔ wò hiãtɔwo ƒe gbe be ɖikaa o.
No entregues la vida de tu tórtola a las bestias salvajes. No olvides para siempre la vida de tu pobre.
20 Tsɔ ɖe le wò nubabla la me, elabena ŋutasesẽ ƒe wɔnawo yɔ anyigba la ƒe ɣaɣlɛƒewo fũu.
Considera el Pacto, Porque los lugares oscuros de la tierra están llenos de habitaciones de violencia.
21 Mègana ame siwo wote ɖe anyi la nate gbugbɔɖemegbe kple ŋukpe o; ke boŋ ame dahewo kple hiãtɔwo nekafu wò ŋkɔ.
No permitas que el oprimido regrese avergonzado. Ordena que los afligidos y menesterosos alaben tu Nombre.
22 O! Mawu, tso eye nàʋli wò bubu ta; ɖo ŋku ale si bometsilawo le alɔme ɖem le ŋuwò ŋkeke blibo lae dzi.
¡Levántate, oh ʼElohim, y defiende tu propia causa! Recuerda cómo el insensato te ofende todo el día.
23 Mègado toku wò futɔwo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ, kple wò ketɔwo ƒe howɔwɔ si le dzi dem ɖaa la o.
No olvides la voz de tus adversarios, El tumulto de los que se levantan contra Ti, Que sube de continuo.

< Psalmowo 74 >