< Psalmowo 73 >

1 Asaf ƒe ha. Vavã, Mawu wɔ nyui na Israel kple ame siwo dza le woƒe dzi me.
亞薩的詩。 上帝實在恩待以色列那些清心的人!
2 Ke nye la, nye afɔ ɖiɖi kloe, eye esusɔ vie ko medze anyi.
至於我,我的腳幾乎失閃; 我的腳險些滑跌。
3 Elabena mebiã ŋu ɖokuiŋudzela esi mekpɔ ale si nu le edzi dzem na ame vɔ̃ɖiwoe.
我見惡人和狂傲人享平安就心懷不平。
4 Hiãkame aɖeke mele wo dzi o, eye wole lãmesẽ kple dedinɔnɔ me.
他們死的時候沒有疼痛; 他們的力氣卻也壯實。
5 Wovo tso agba siwo tena ɖe amewo dzi la me, eye amegbetɔwo ƒe hiãtuame aɖeke mele wo dzi o.
他們不像別人受苦, 也不像別人遭災。
6 Eya ta dada nye woƒe kɔga, eye wodo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ abe awu ene.
所以,驕傲如鏈子戴在他們的項上; 強暴像衣裳遮住他們的身體。
7 Dzidada dona tso woƒe dzi si ku atri la me, eye seɖoƒe meli na woƒe susu ƒe nu vɔ̃ɖiwo ɖoɖo o.
他們的眼睛因體胖而凸出; 他們所得的,過於心裏所想的。
8 Woɖua fewu, ƒoa nu vlodoametɔe, eye le woƒe dada me la, woklẽa ŋku ɖe amewo be woabɔbɔ na wo.
他們譏笑人,憑惡意說欺壓人的話; 他們說話自高。
9 Woƒe nuwo xɔ dziƒo wɔ wo tɔe, eye woƒe aɖewo xɔ anyigba wòzu wo tɔ.
他們的口褻瀆上天; 他們的舌毀謗全地。
10 Eya ta woƒe amewo trɔ ɖe wo gbɔ, eye wono tsi fũu.
所以上帝的民歸到這裏, 喝盡了滿杯的苦水。
11 Wogblɔ be, “Aleke Mawu awɔ anya? Ɖe nunya le Dziƒoʋĩtɔ la sia?”
他們說:上帝怎能曉得? 至高者豈有知識呢?
12 Aleae ame vɔ̃ɖiwo le, wole ablɔɖe me ɣe sia ɣi, eye wodzia woƒe kesinɔnuwo ɖe edzi.
看哪,這就是惡人; 他們既是常享安逸,財寶便加增。
13 Nyateƒee, dzodzro ko wònye be mewɔ nye dzi dzadzɛ, eye dzodzroe meklɔ nye asi ɖe fɔmaɖimaɖi me.
我實在徒然潔淨了我的心, 徒然洗手表明無辜。
14 Mekpea fu ŋkeke blibo la, eye ŋdi sia ŋdi wohea to nam.
因為,我終日遭災難; 每早晨受懲治。
15 Ɖe megblɔ be, “Ale maƒo nui nye si” la, anye ne mede viwòwo asi.
我若說,我要這樣講, 這就是以奸詐待你的眾子。
16 Enye teteɖeanyi gã aɖe te menɔ esi medze agbagba be mase nu siawo gɔme,
我思索怎能明白這事, 眼看實係為難,
17 va se ɖe esime mege ɖe Mawu ƒe Kɔkɔeƒe la, tete mese afi si woawu nu ɖo la gɔme.
等我進了上帝的聖所, 思想他們的結局。
18 Vavã, ètsɔ wo ɖo didiƒe, eye nètsɔ wo xlã ɖe anyi wogblẽ keŋkeŋ.
你實在把他們安在滑地, 使他們掉在沉淪之中。
19 Aleke wohetsrɔ̃ kpata ale, ŋɔdzi kplɔ wo dzoe kaba ŋutɔ!
他們轉眼之間成了何等的荒涼! 他們被驚恐滅盡了。
20 O! Aƒetɔ, abe ale si drɔ̃e nɔna ne ame nyɔ tso alɔ̃ me ene la, do vlo wo abe drɔ̃e manyatalenu ene.
人睡醒了,怎樣看夢; 主啊,你醒了也必照樣輕看他們的影像。
21 Esi nye dzi bi ɖe dɔ me nam, eye nye gbɔgbɔ se veve la,
因而,我心裏發酸, 肺腑被刺。
22 mezu bometsila kple numanyala, eye mele abe lã tagbɔkukutɔ ene le ŋkuwò me.
我這樣愚昧無知, 在你面前如畜類一般。
23 Ke mele gbɔwò ɣe sia ɣi, eye nèlé nye ɖusibɔ ɖe asi.
然而,我常與你同在; 你攙着我的右手。
24 Èkplɔm le wò aɖaŋudede nu, eye àkplɔm emegbe ayi wò ŋutikɔkɔe mee.
你要以你的訓言引導我, 以後必接我到榮耀裏。
25 Ame kae le dziƒo nam, negbe wò ko? Naneke mele anyigba si medi kpe ɖe ŋuwò o.
除你以外,在天上我有誰呢? 除你以外,在地上我也沒有所愛慕的。
26 Nye ŋutilã kple nye dzi nu ava yi, gake Mawue nye nye dzi ƒe ŋusẽ kple nye gomekpɔkpɔ tegbetegbe.
我的肉體和我的心腸衰殘; 但上帝是我心裏的力量, 又是我的福分,直到永遠。
27 Ame siwo le adzɔge tso gbɔwò la atsrɔ̃, elabena ètsrɔ̃ ame siwo katã meto nyateƒe na wo o.
遠離你的,必要死亡; 凡離棄你行邪淫的,你都滅絕了。
28 Ke nye ya la, enyo be mate ɖe Mawu ŋu. Aƒetɔ Yehowae mewɔ nye sitsoƒee, maxlẽ wò nuwɔwɔwo katã afia.
但我親近上帝是與我有益; 我以主耶和華為我的避難所, 好叫我述說你一切的作為。

< Psalmowo 73 >