< Psalmowo 72 >

1 Ha na Solomo. O! Mawu, tsɔ wò afia nyui tsotso do na fia la, kple wò dzɔdzɔenyenye na fiavi la.
ソロモンのうた 神よねがはくは汝のもろもろの審判を王にあたへ なんぢの義をわうの子にあたへたまへ
2 Adrɔ̃ ʋɔnu na wò dukɔ la le dzɔdzɔenyenye me, eye wòatso afia nyui na ame siwo ƒe dzi gbã la.
かれは義をもてなんぢの民をさばき公平をもて苦しむものを鞫かん
3 Towo atsɔ kesinɔnuwo vɛ na wò dukɔ, eye togbɛwo atsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse vɛ na wo.
義によりて山と岡とは民に平康をあたふべし
4 Aʋli ame siwo ƒe dzi gbã la ta, axɔ na hiãtɔwo ƒe viwo, eye wòagbã ameteɖetola la nyanyanya.
かれは民のくるしむ者のために審判をなし乏しきものの子輩をすくひ虐ぐるものを壊きたまはん
5 Zi ale si ɣe kple ɣleti li la, anɔ te le dzidzimewo katã me.
かれらは日と月とのあらんかぎり世々おしなべて汝をおそるべし
6 Anɔ abe tsidzadza ɖe anyigba si dzi woƒo gbe le kple agbafie si dza ɖe anyigba hede tsii ene.
かれは苅とれる牧にふる雨のごとく地をうるほす白雨のごとくのぞまん
7 Ame dzɔdzɔewo ayi ŋgɔ le eƒe ɣeyiɣiwo me, eye kesinɔnuwo ado agbogbo va se ɖe esime ɣleti magaɖi o.
かれの世にただしき者はさかえ平和は月のうするまで豊かならん
8 Aɖu fia tso atsiaƒu ƒe go sia dzi ayi go kemɛ dzi, tso tɔsisi to ase ɖe anyigba la ƒe mlɔenuwo ke.
またその政治は海より海にいたり河より地のはてにおよぶべし
9 Dukɔ siwo le gbegbe la ade ta agu nɛ, eye eƒe futɔwo aɖuɖɔ ʋuʋudedi.
野にをる者はそのまへに屈み そり仇は塵をなめん
10 Tarsis fia kple didiƒe ƒutatɔwo ahe adzɔ vɛ nɛ, eye Sieba kple Seba fiawo atsɔ nunanawo vɛ nɛ.
タルシシおよび島々の王たちは貢ををさめ之シバとセバの王たちは礼物をささげん
11 Fiawo katã ade ta agu nɛ, eye dukɔwo katã asubɔe,
もろもろの王はそのまへに俯伏し もろもろの國はかれにつかへん
12 elabena aɖe hiãtɔ si le avi fam kple wɔmenɔ si xɔnametɔ aɖeke meli na o.
かれは乏しき者をその叫ぶときにすくひ 助けなき苦しむ者をたすけ
13 Akpɔ nublanui na ame gblɔewo kple hiãtɔwo, eye wòaɖe ame dahewo tso ku me.
弱きものと乏しき者とをあはれみ乏しきものの霊魂をすくひ
14 Aɖe wo le teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, elabena woƒe ʋu xɔ asi le eŋkume.
かれらのたましひを暴虐と強暴とよりあがなひたまふ その血はみまへに貴かるべし
15 Fia la nenɔ agbe tegbee! Wonetsɔ Seba sika nɛ. Amewo nedo gbe ɖa ɖe eta ɖaa, eye wòayra ŋkeke blibo la.
かれらは有ふべし 人はシバの黄金をささげてかれのために恒にいのり終日かれをいははん
16 Bli nedo agbogbo ɖe anyigba la katã dzi; eye neʋã ɖe togbɛwo katã dzi. Blitiawo netri abe Lebanontɔwo ene, eye woanɔ abe gbe le gbedzi ene.
國のうち五穀ゆたかにしてその實はレバノンのごとく山のいただきにそよぎ 邑の人々は地の草のごとく榮ゆべし
17 Eƒe ŋkɔ nenɔ anyi ɖaa, eye nenɔ anyi zi ale si ɣe le keklẽm. Woayra dukɔwo katã to eya amea dzi, eye woayɔe be yayratɔ.
かれの名はつねにたえず かれの名は日の久しきごとくに絶ることなし 人はかれによりて福祉をえん もろもろの國はかれをさいはひなる者ととなへん
18 Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu la, eya ame si ko wɔa nu dzɔatsuwo.
ただイスラエルの神のみ奇しき事跡をなしたまへり 神ヱホバはほむべきかな
19 Woakafu eƒe ŋkɔ si ŋu ŋutikɔkɔe le la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me; eƒe ŋutikɔkɔe neyɔ anyigba blibo la dzi.
その榮光の名はよよにほむべきかな全地はその榮光にて満べしアーメン アーメン
20 Esiawo wu Yese ƒe vi, David ƒe gbedodoɖawo nu.
ヱッサイの子ダビデの祈はをはりぬ

< Psalmowo 72 >