< Psalmowo 71 >

1 O! Yehowa, mewòe mebe ɖo, mègana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o.
In you, O Lord, I take refuge, let me never be put to shame.
2 Xɔ nam, eye nàɖem le wò dzɔdzɔenyenye la ta; trɔ wò to ɖe gbɔnye, eye nàxɔ nam.
In your faithfulness save me and rescue me, bend your ear to me and save me.
3 Nye sitsoƒe ƒe agakpe, afi si mate ŋu abe ɖo ɣe sia ɣi. Ɖe gbe be woaxɔ nam, elabena wòe nye nye agakpe kple mɔ sesẽ.
Be to me a rock of defence, a fortified house, to save me; for my rock and my fortress are you.
4 O! Nye Mawu, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, eye nàɖem tso nu tovo wɔlawo kple ŋutasẽlawo ƒe fego me.
Save me, my God, from the hand of the wicked, from the grasp of the unjust and cruel.
5 Elabena tso ɣe aɖe ɣi ke, wòe nye nye mɔkpɔkpɔ kple nye dzideƒo tso nye ɖekakpuime ke, O! Aƒetɔ Yehowa.
For you, Lord, are my hope, in whom from my youth I have trusted.
6 Tso nye dzigbe ke, wò ko ŋu meku ɖo, elabena wòe ɖem tso danye ƒe dɔ me, eya ta makafu wò ɖaa.
On you have I leaned from my birth; from my mother’s womb it was you who did draw me. In you is my hope evermore.
7 Mezu nu maɖinu na ame geɖewo, gake wòe nye nye mɔ sesẽ.
I have been as a wonder to many, for you are my refuge and strength.
8 Wò kafukafu yɔ nye nu me, eye meɖea gbeƒã wò atsyɔ̃ŋkeke blibo la.
All the day long my mouth is filled with your praise and your glory.
9 Mègatsɔm ƒu gbe, ne meku amegã o, eye mègagblẽm ɖi ne ŋusẽ vɔ le ŋunye o.
Cast me not off in the time of old age; when my strength is spent, forsake me not.
10 Elabena nye futɔwo ƒo nu tsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame siwo le lalam be yewoawum la, wɔ ɖeka ɖo nugbe ɖe ŋunye.
For my foes whisper against me, they who watch me take counsel together;
11 Wogblɔ be, “Mawu gblẽe ɖi, míti eyome, míalée, elabena ame aɖeke mava axɔ nɛ o.”
“God has left him,” they say: “pursue and seize him, for he is helpless.”
12 O! Mawu, mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o, O! Nye Mawu, va kaba nàxɔ nam.
O God, be not far from me, haste, O my God, to my help.
13 Na be nunyetsolawo natsrɔ̃ kple ŋukpe, eye nàna be vlododo kple ŋukpe natsyɔ ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la dzi.
Put my foes to shame and dishonor, with insult and shame be they covered.
14 Ke nye ya la, mɔkpɔkpɔ anɔ asinye ɖaa, eye makafu wò, agakafu wò ɖe edzi.
But I will never stop hoping, and more and yet more will I praise you.
15 Nye nu aɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye kple wò xɔname ŋkeke blibo la, togbɔ be nyemenya eƒe kpekpeme o hã.
All the day long shall my mouth tell your faithfulness and your salvation, though I know not how they may be counted.
16 Mava aɖe gbeƒã wò nu dzɔatsuwo, O Aƒetɔ Yehowa. Maɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye, wò ɖeka tɔ ko.
I will tell of the might of the Lord, and your faithfulness praise, you alone.
17 O! Mawu; tso nye ɖekakpuime ke, nèfia num, eye va se ɖe egbe la, mele gbeƒã ɖem wò nu dzɔatsuwo.
You have taught me, O God, from my youth, and till now have I told of your wonders.
18 O! Mawu, ne metsi, ƒo wɔ hã la, mègagblẽm ɖi o, va se ɖe esime maɖe gbeƒã wò ŋusẽ na dzidzime si ava dzɔ kple wò ŋusẽ na ame siwo woava dzi.
Even in old age and grey hair, O God, do not forsake me. Still would I tell of your might unto all generations to come.
19 O! Mawu, wò dzɔdzɔenyenye yi ɖatɔ dziŋgɔli ke, wò ame si wɔ nu dzɔatsu geɖewo. O! Mawu, ame kae le abe wò ene?
Your power and your justice, O God, extend as far as the heavens: for great are the things you have done. Who is like you, O God?
20 Togbɔ be èna mekpɔ xaxa geɖe kple vevesese hã la, àgaɖo nye agbe te, eye àva kplɔm ado goe tso anyigba ƒe tume ke.
You have caused us to see troubles many, but you will revive us again. From the depths of the earth you will bring me up again.
21 Àdzi nye bubu ɖe edzi, eye àgafa akɔ nam.
You will multiply my greatness, and comfort me again.
22 O! Nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku le wò nuteƒewɔwɔ ta; madzi kafukafuha na wò kple gasaŋku, O! Israel ƒe Kɔkɔetɔ.
So with harp I will praise you, and your faithfulness, O my God; and make music to you on the lyre, O you Holy One of Israel.
23 Nye nuyiwo ado dzidzɔɣli, ne mele kafukafuhawo dzim na wò, nye ame si nèɖe.
My lips shall ring out their joy, my mouth shall sing praises to you; all of me, which you have redeemed.
24 Nye aɖe agblɔ wò dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwo ŋkeke blibo la, elabena ŋukpe kple tɔtɔ va ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la dzi.
Yes, all the day long shall my tongue utter your righteousness; for ashamed and confounded are they who were seeking my hurt.

< Psalmowo 71 >