< Psalmowo 70 >
1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Kukuɖeɖe. O! Mawu, netsɔ nàɖem; O! Yehowa, va kaba nàxɔ nam.
TO THE OVERSEER. BY DAVID. “TO CAUSE TO REMEMBER.” O God, [hurry] to deliver me, O YHWH, hurry to help me.
2 Ŋukpe kple tɔtɔ neva ame siwo le nye agbe yome tim la dzi. Ame siwo le nye gbegblẽ dim la negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.
Let them be ashamed and confounded Who are seeking my soul, Let them be turned backward and blush Who are desiring my evil.
3 Na be ame siwo le gbɔgblɔm be, “Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃!” la natrɔ megbe adzo kple ŋukpe.
Let them turn back because of their shame, Who are saying, “Aha, aha.”
4 Ke ame siwo dia wò la netso aseye; woakpɔ dzidzɔ le mewò, eye ame siwo lɔ̃a wò xɔname la negblɔ ɖaa be, “Woado Mawu ɖe dzi ɖaa!”
Let all those seeking You rejoice and be glad in You, And let those loving Your salvation Continually say, “God is magnified.”
5 Ke nye la, O Mawu, meda ahe, eye hiã tum, eya ta va gbɔnye kaba. O! Yehowa, mègahe ɖe megbe o, elabena wòe nye nye xɔnametɔ kple nye Ɖela.
And I [am] poor and needy, O God, hurry to me, You [are] my help and my deliverer, O YHWH, do not linger!