< Psalmowo 7 >

1 David ƒe konyifaha si wòdzi na Yehowa le Benyamintɔ, Kus ƒe nyawo ta. O! Yehowa, nye Mawu, wòe mesi tso, xɔ nam, eye nàɖem tso ame siwo katã le yonyeme tim la ƒe asi me.
A meditation by David, which he sang to the LORD, concerning the words of Cush, the Benjamite. LORD, my God, I take refuge in you. Save me from all those who pursue me, and deliver me,
2 Ne menye nenema o la, woavuvum abe ale si dzata vuvua nui ene, eye woavuvum ʋayaʋaya, xɔnametɔ aɖeke mava ɖem o.
lest they tear apart my soul like a lion, ripping it in pieces, while there is no one to deliver.
3 O! Yehowa, nye Mawu, ne mewɔ nu sia, eye vɔ̃ lé ɖe nye asiwo ŋu,
LORD, my God, if I have done this, if there is iniquity in my hands,
4 ne mewɔ nu vɔɖi ɖe ame si li kplim le ŋutifafa me ŋuti alo meda adzo nye futɔ naneke mawɔmawɔtɔe la,
if I have rewarded evil to him who was at peace with me (yes, I have plundered him who without cause was my adversary),
5 ekema na nye futɔ nati yonyeme, eye eƒe asi nasu dzinye; na be wòafanyam ɖe anyigba, eye wòana matsi ke me adɔ. (Sela)
let the enemy pursue my soul, and overtake it; yes, let him tread my life down to the earth, and lay my glory in the dust. (Selah)
6 O! Yehowa, tso, le wò dziku me; tso ɖe nye futɔwo ƒe nyanyra ŋuti. Nyɔ, nye Mawu, ne nàɖo ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ anyi.
Arise, LORD, in your anger. Lift up yourself against the rage of my adversaries. Awake for me. You have commanded judgement.
7 Na be amehawo naƒo ƒu ɖe ŋuwò. Ɖu fia ɖe wo dzi tso dziƒo;
Let the congregation of the peoples surround you. Rule over them on high.
8 na be Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la. O! Yehowa, tso afia nam le nye dzɔdzɔenyenye ta, O! Dziƒoʋĩtɔ, tso afia nam le nye nuteƒewɔwɔ ta.
The LORD administers judgement to the peoples. Judge me, LORD, according to my righteousness, and to my integrity that is in me.
9 O! Mawu dzɔdzɔetɔ, ame si dzroa susuwo kple dziwo me, na ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu natso, eye nàna dedinɔnɔ ame dzɔdzɔewo.
Oh let the wickedness of the wicked come to an end, but establish the righteous; their minds and hearts are searched by the righteous God.
10 Nye akpoxɔnue nye Mawu Dziƒoʋĩtɔ la, ame si ɖea ame si dza le eƒe dzi me.
My shield is with God, who saves the upright in heart.
11 Mawue nye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe, Mawu si ɖea eƒe dɔmedzoe fiana gbe sia gbe.
God is a righteous judge, yes, a God who has indignation every day.
12 Nu metia kɔ nɛ o, anyre eƒe yi, eye wòavu eƒe dati me.
If a man doesn’t repent, he will sharpen his sword; he has bent and strung his bow.
13 Edzra eƒe lãnuwo ɖo da ɖi, eye eƒe aŋutrɔ bibiawo la etrɔ asi le wo ŋu wosɔ gbe.
He has also prepared for himself the instruments of death. He makes ready his flaming arrows.
14 Ame si fɔ nu vɔ̃ɖi ƒe fu, eye dzɔgbevɔ̃e zu fu wòfɔ la, adzi beble ƒe vi.
Behold, he travails with iniquity. Yes, he has conceived mischief, and brought out falsehood.
15 Ame si ɖe ʋe, heku eme wògoglo nyuie la age dze ʋe si eya ŋutɔ ɖe la me.
He has dug a hole, and has fallen into the pit which he made.
16 Dzɔgbevɔ̃e si wòhe vɛ la atrɔ abali ɖe eya ŋutɔ ŋuti, eye eƒe ŋutasesẽ atrɔ ava eya ŋutɔ ƒe ta dzi.
The trouble he causes shall return to his own head. His violence shall come down on the crown of his own head.
17 Mada akpe na Yehowa le eƒe dzɔdzɔenyenye ta, eye madzi kafukafuha na Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋkɔ.
I will give thanks to the LORD according to his righteousness, and will sing praise to the name of the LORD Most High.

< Psalmowo 7 >