< Psalmowo 69 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Dzogbenya” ƒe gbeɖiɖi nu. Mawu, ɖem, elabena tsi ɖɔ ɖe ŋunye va se ɖe nye kɔgbɔ ke.
“For the leader of the music. Upon the Shoshannim. A psalm of David.” Save me, O God! For the waters press in to my very life!
2 Meɖo ba yi ɖe tome ke, afi si afɔɖoƒe mele o. Meɖo tɔ goglowo me; tsi ɖɔ to tanye.
I sink in deep mire, where is no standing; I have come into deep waters, and the waves flow over me.
3 Medo ɣli be woaxɔ nam, ale nu ti kɔ nam, eye nye ve me hã ƒu kplakplakpla. Mekpɔ mɔ na Mawu ʋuu, eye ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu.
I am weary with crying; my throat is parched; Mine eyes are wasted, while I wait for my God.
4 Ame siwo lé fum ɖe nanekemawɔmawɔ ta la sɔ gbɔ wu nye taɖa. Amewo lé fum yakatsyɔ, eye woti yonyeme be woatsrɔ̃m. Ale meɖo nu si nyemefi o la eteƒe dzizizitɔe.
More numerous than the hairs of my head are they who hate me without reason; Mighty are they who seek to destroy me, being my enemies without cause: I must restore what I took not away.
5 O! Mawu, ènya nye bometsitsi, eye nye fɔɖiɖi mele ɣaɣla ɖe wò o.
O God! thou knowest my offences, And my sins are not hidden from thee!
6 O! Aƒetɔ, Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, mègana ame siwo ƒe mɔkpɔkpɔ le mewò la naɖu ŋukpe le tanye o. O! Israel ƒe Mawu, ame siwo le diwòm la, mègana ŋu nakpe wo le tanye o.
Let not them that trust in thee through me be put to shame, O Lord Jehovah, God of hosts! Let not them that seek thee through me be confounded, O God of Israel!
7 Tawòe wodo vlom ɖo, eye ŋukpe tsyɔ mo nam.
For on account of thee do I suffer reproach, And shame covereth my face!
8 Menye amedzro na nye ŋutɔ nɔvinye ŋutsuwo kple ame manyamanya na danyevi ŋutsuwo.
I am become a stranger to my brothers; Yea, an alien to my mother's sons.
9 Elabena lɔlɔ̃ na wò aƒe zu dzo ge ɖe menye, eye ame siwo dzu wò la ƒe dzudzu va dzinye.
For zeal for thy house consumeth me, And the reproaches of them that reproach thee fall upon me.
10 Esi mefa avi, tsi nu dɔ la, vlododo boŋ wozu nam;
When I weep and fast, That is made my reproach;
11 esi meta akpanya la, mezu nu ɖikokoe na amewo.
When I clothe myself in sackcloth, Then I become their by-word.
12 Ame siwo nɔ anyi ɖe agbo nu la ɖe alɔme le ŋunye, eye ahamulawo kekeake hã kpa ha dem.
They who sit in the gate speak against me, And I am become the song of drunkards.
13 O! Yehowa, medo gbe ɖa na wò le wò amenuveɣi; O! Mawu, le wò lɔlɔ̃ gã la ta, tɔ nam kple wò xɔname si medana le edzi o.
Yet will I address my prayer to thee, O LORD! May it be in an acceptable time according to thy great goodness! Hear, O God! and afford me thy sure help!
14 Ɖem tso agbi me, mègana mayi to o, ɖem le ame siwo lé fum la ƒe asi me, tso tɔ goglowo me.
Save me from the mire, and let me not sink; May I be delivered from my enemies, —from the deep waters!
15 Mègana tsi naɖɔ to tanye, alo gogloƒe namim, eye ʋe globo natu eƒe nu ɖe dzinye o.
Let not the water-flood overflow me; Let not the deep swallow me up, And let not the pit close her mouth upon me!
16 O! Yehowa, tɔ nam, le wò lɔlɔ̃ deto la ta, eye trɔ ɖe ŋutinye le wò nublanuikpɔkpɔ gã la ta.
Hear me, O LORD! since great is thy loving-kindness; According to the abundance of thy tender mercies look upon me!
17 Mègaɣla wò mo ɖe wò dɔla o; ke boŋ tɔ nam kaba, elabena meɖo xaxa me.
Hide not thy face from thy servant; I am greatly distressed, O make haste to mine aid!
18 Te ɖe ŋunye, eye nàxɔ nam, ɖem le nye ketɔwo ta.
Draw near to me, and redeem my life; Deliver me because of my enemies!
19 Ènya ale si wodo vlom, ɖi gbɔ̃m, eye wodo ŋu kpem; nye futɔwo katã le ŋkuwò me.
Thou knowest my reproach, and dishonor, and shame; All my adversaries are in thy view!
20 Vlododo na nye dzi gbã, eye mezu xɔnamemanɔsitɔ; mekpɔ mɔ na babadoname, gake ɖeke meli o. Mekpɔ mɔ na akɔfalawo, gake nyemekpɔ ɖeke o.
Reproach hath broken my heart, and I am full of heaviness; I look for pity, but there is none; For comforters, but find none.
21 Wotsɔ veve de nye nuɖuɖu me, eye esi tsikɔ wum la, wotsɔ aha tsitsi nam be mano.
For my food they give me gall, And in my thirst they give me vinegar to drink.
22 Woƒe kplɔ̃ si woɖo na wo la nezu mɔ na wo; nezu teƒeɖoɖo kple mɔ na wo.
May their table be to them a snare; May it be a trap to them, while they are at ease!
23 Woƒe ŋkuwo dzi nedo viviti be, womagate ŋu akpɔ nu o, eye na woƒe dzi me naɖo kpo tegbee.
May their eyes be darkened, that they may not see; And cause their loins continually to shake!
24 Trɔ wò dziku kɔ ɖe wo dzi, eye nàna wò dɔmedzoe helĩhelĩ nalé wo.
Pour out upon them thine indignation, And may the heat of thine anger overtake them!
25 Woƒe nɔƒe neɖi gbɔlo; mègana be ame aɖeke neganɔ woƒe agbadɔwo me o.
Let their habitation be desolate, And let none dwell in their tents!
26 Elabena woti ame siwo ŋu nède abii la yome, eye wole nu ƒom le ame siwo nèwɔ nuvevii la ƒe vevesese ŋu.
For they persecute those whom thou hast smitten, And talk of the pain of those whom thou hast wounded.
27 Bu fɔ wo, eye nàgabu fɔ wo ɖe edzi; mègana woakpɔ gome le wò xɔname me o.
Add iniquity to their iniquity, And let them never come into thy favor!
28 Tutu woƒe ŋkɔwo ɖa le agbegbalẽ la me, eye mègana woaŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖe ame dzɔdzɔewo dome o.
Let them be blotted out of the book of the living; Let not their names be written with the righteous!
29 Mele vevesese kple nuxaxa me; O! Mawu, na wò xɔname natɔ kpɔ ƒo xlãm.
But I am poor, and sorrowful: May thine aid, O God! set me on high!
30 Matsɔ hadzidzi akafu Mawu ƒe ŋkɔ, eye madoe ɖe dzi kple akpedada.
Then I will praise the name of God in a song; I will give glory to him with thanksgiving.
31 Esia adze Yehowa ŋu wu nyi, eye wòado dzidzɔ nɛ wu nyitsu kple eƒe dzowo kpakple eƒe afɔkliwo.
More pleasing shall this be to the LORD Than a full-horned and full-hoofed bullock.
32 Hiãtɔwo akpɔe ahatso aseye, eye mi ame siwo dia Mawu la, míaƒe dziwo nenɔ agbe ɖaa!
The afflicted shall see, and rejoice; The hearts of them that fear God shall be revived.
33 Yehowa ɖoa to hiãtɔwo, eye medoa vlo eƒe ame siwo le aboyome o.
For the LORD heareth the poor, And despiseth not his people in their bonds.
34 Dziƒo kple anyigba nekafui, atsiaƒuwo kple nu siwo katã ʋãna le wo me,
Let the heaven and the earth praise him; The sea, and all that move therein!
35 elabena Mawu aɖe Zion, eye wòagbugbɔ Yuda ƒe duwo atso. Ekema amewo aɖanɔ afi ma, axɔe wòazu wo tɔ;
For God will save Zion, and will build the cities of Judah, That they may dwell therein, and possess it.
36 eƒe dɔlawo ƒe viwo atsɔe anyi domee, eye ame siwo lɔ̃ eƒe ŋkɔ la anɔ afi ma.
Yea, the posterity of his servants shall possess it, And they that love him shall dwell therein.

< Psalmowo 69 >