< Psalmowo 67 >

1 Ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. Mawu, ve mía nu, eye nàyra mí, na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, (Sela)
למנצח בנגינת מזמור שיר ב אלהים יחננו ויברכנו יאר פניו אתנו סלה
2 Ale be woanya wò mɔwo le anyigba dzi kple wò xɔxɔ le dukɔwo dome.
לדעת בארץ דרכך בכל-גוים ישועתך
3 O! Mawu, dukɔwo akafu wò, anyigbadzidukɔwo katã akafu wò.
יודוך עמים אלהים יודוך עמים כלם
4 Dukɔwo akpɔ dzidzɔ, adzi ha, atso aseye, elabena èɖu dukɔwo dzi le dzɔdzɔenyenye me, eye nèkplɔ anyigbadzidukɔwo. (Sela)
ישמחו וירננו לאמים כי-תשפט עמים מישר ולאמים בארץ תנחם סלה
5 Mawu, dukɔwo katã akafu wò; wòe dukɔwo katã akafu.
יודוך עמים אלהים יודוך עמים כלם
6 Ekema anyigba ana woaxa eƒe nukuwo fũu, eye Mawu, míaƒe Mawu la ayra mí.
ארץ נתנה יבולה יברכנו אלהים אלהינו
7 Mawu ayra mí, eye anyigba ƒe mlɔenutɔwo katã avɔ̃e.
יברכנו אלהים וייראו אותו כל-אפסי-ארץ

< Psalmowo 67 >