< Psalmowo 65 >
1 David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Mawu, kafukafu le lalawòm le Zion; wòe míaxe míaƒe adzɔgbeɖefewo na.
達味詩歌,交與樂官。 天主,人應在熙雍山上歌詠讚美您,同時也應向您還願,因您允我所祈。
2 O! Wò ame si sea gbedodoɖa, gbɔwòe amewo katã ava.
凡一切有血肉的人們,都因罪過,而向您投奔。
3 Esi nu vɔ̃ do agba ɖe mía dzi la, ètsɔ míaƒe dzidadawo ke mí.
我們的罪重壓著我們,但您都一一赦免不存。
4 Woayra ame siwo nètia, eye nèkplɔ wo vɛ be woanɔ wò xɔxɔnuwo! Ètsɔ wò aƒe me, wò gbedoxɔ kɔkɔe la me nu nyuiwo ɖi ƒoe na mí.
您所選拔,而使他居留在您庭院的人,真是有福!願我們得飽享您居所的福樂,您殿宇中的聖物!
5 Èna ŋuɖoɖo mí to dzɔdzɔenyenye ƒe ŋɔdzidɔwo me, O, Mawu míaƒe xɔnametɔ, anyigba ƒe mlɔenu ke, kple atsiaƒu siwo le didiƒe ke la katã ƒe mɔkpɔkpɔ.
天主我們的救主您常照公義以奇事來俯聽我們,世人在天涯地角與海洋的遠處都對您全心信任。
6 Wò ame si na towo va dzɔ to wò ŋusẽ me, eye nètsɔ ŋusẽ bla ali dzii,
您以神威大能束腰,您以大力堅定山嶽;
7 wò ame si tsi atsiaƒu ƒe hoowɔwɔ kple ƒutsotsoe dzeagbowo kpakple dukɔwo ƒe ʋunyaʋunyawo nu.
您曾平息了澎湃的汪洋,咆哮的巨浪,萬民的喧嚷:
8 Ame siwo le didiƒe la vɔ̃ wò nukunuwo; èna dzidzɔhawo ɖi tso afi si ɣe dzena tsona kple afi si wòɖoa to ɖo.
遠居地角的人,因您的奇跡而恐慌;您使東西兩極的人,都要喜氣洋洋。
9 Èlé be na anyigba, de aɖui wòsui nyuie, eye nède tsii fũu. Tsi yɔ Mawu ƒe tɔʋuwo banaa, ne wòana bli eƒe dukɔ, elabena nenema nèɖoe.
您眷顧大地,普降甘霖,使大地豐收;天主的河水洋溢,為他們準備五穀。原來這一切都是由於您安排就緒。
10 Ède tsi eƒe boliƒowo, eye nègbã kpoteƒewo wozu sɔsɔe. Ètsɔ agbafie bɔbɔ anyigba lae, eye nèyra eƒe nukuwo.
您灌溉了田畦,又犁平了土壤,使雨鬆軟土壤,祝福植物生長。
11 Ètsɔ wò kesinɔnu gbogboawo ɖo atsyɔ̃e na ƒe la, eye wò agblekekewo yɔ gbagba.
您的慈惠使年歲豐收,您的腳步常滴流脂油。
12 Lãnyiƒe siwo le gbegbe la yɔ gbagba, eye wotsɔ aseyetsotso ta na togbɛwo.
曠野的牧場豐滿外溢,漫山遍陵充滿了歡喜;
13 Gbe damawo dzi yɔ fũu kple lãhawo, eye balimewo ƒe afi sia afi yɔ kple bli; wo katã do dzidzɔɣli, eye wodzi ha.
羊群遮蔽了牧場,山谷蓋滿了食糧,一切在歡呼歌唱。