< Psalmowo 63 >

1 David ƒe ha. Ekpae esi wòle Yuda gbegbe. O! Mawu, wòe nye nye Mawu, mele diwòm vevie; tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò, nye ameti blibo la mele diwòm, le kuɖiɖinyigba si ƒu kplakplakpla, eye tsi aɖeke meli o la dzi.
[A Psalm by David, when he was in the desert of Judah.] God, you are my God. I will earnestly seek you. My soul thirsts for you. My flesh longs for you, in a dry and weary land, where there is no water.
2 Mekpɔ wò le kɔkɔeƒe la, eye mekpɔ wò ŋusẽ kple wò ŋutikɔkɔe.
So I have seen you in the sanctuary, watching your power and your glory.
3 Esi wò lɔlɔ̃ nyo wu agbe ta la, nye nuyiwo ado wò ɖe dzi.
Because your loving kindness is better than life, my lips shall praise you.
4 Makafu wò, zi ale si mele agbe, eye mado nye asiwo ɖe dzi le wò ŋkɔ me.
So I will bless you while I live. I will lift up my hands in your name.
5 Nye luʋɔ aɖi ƒo abe nuɖuɖu nyuitɔ kekeakee wòɖu ene; hadzidzi anɔ nu nam, eye nye nu adzi kafukafuhawo na wò.
My soul shall be satisfied as with the richest food. My mouth shall praise you with joyful lips,
6 Le nye aba dzi, meɖoa ŋku dziwò, mebua ŋutiwò le nye ŋunɔɣi le zã me.
when I remember you on my bed, and think about you in the night watches.
7 Esi nènye nye xɔnametɔ ta la, madzi ha le wò aʋala ƒe vɔvɔli te.
For you have been my help. I will rejoice in the shadow of your wings.
8 Nye luʋɔ ku ɖe ŋuwò goŋgoŋgoŋ, eye wò ɖusibɔ lém ɖe te.
My soul stays close to you. Your right hand holds me up.
9 Woatsrɔ̃ ame siwo le nye agbe yome tim, woayi ɖe keke anyigba la ƒe tume ke.
But those who seek my soul, to destroy it, shall go into the lower parts of the earth.
10 Woatsɔ wo ade asi na yi, eye woazu nuɖuɖu na amegaxiwo.
They shall be given over to the power of the sword. They shall be jackal food.
11 Ke fia la akpɔ dzidzɔ le Mawu me; ame siwo katã kaa atam le Mawu ƒe ŋkɔ me la akafui, ke woamia nu na alakpatɔwo.
But the king shall rejoice in God. Everyone who swears by him will praise him, for the mouth of those who speak lies shall be silenced.

< Psalmowo 63 >