< Psalmowo 62 >

1 David ƒe ha na Hɛnɔ Yedutun. Mawu me ko nye luʋɔ kpɔ gbɔɖeme le, eye eya ko gbɔ nye xɔxɔ tsona.
For the leader. On jeduthun. A psalm of David. I wait alone in silence for God; From him comes my help.
2 Eya koe nye nye agakpe, nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ, eya ta nyemaʋã akpɔ gbeɖe o.
Yes, he is my rock, my help, my retreat, I shall not be shaken too sorely.
3 Va se ɖe ɣe ka ɣi nànɔ ame ɖeka ƒoƒo dzi? Ɖe mi katã mialé ame si le abe gli gbagbã kple kpɔ si le mumum ene la aƒu anyia?
How long will you, all of you, batter a man, as one might a leaning wall?
4 Woɖoe vavã be yewoatutui tso eƒe nɔƒe kɔkɔ la, elabena wolɔ̃a alakpadada. Wotsɔa woƒe nuwo gblɔa yayranyawoe, ke fiƒode le woƒe dzi me. (Sela)
From his height they are planning to topple him. They take pleasure in falsehood; they bless with their mouth, but inwardly they curse. (Selah)
5 O! Nye luʋɔ, gbɔ ɖe eme le Mawu ɖeka ko me, elabena eya gbɔ nye mɔkpɔkpɔ tso.
I wait alone in silence for God; for from him comes my hope.
6 Eya hɔ̃ɔ koe nye nye agakpe, nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ, eya ta nyemaʋuʋu o.
Yes, he is my rock, my help, my retreat, I shall not be shaken too sorely.
7 Nye xɔxɔ kple bubu ku ɖe Mawu ŋu, eyae nye nye agakpe sesẽ kple nye sitsoƒe.
On God rests my honor and safety, in God is my strong rock, my refuge.
8 O! Mi dukɔwo, miɖo dzi ɖe eŋu ɣe sia ɣi; mitsɔ miaƒe hiahiãwo kɔ ɖe edzi, elabena Mawue nye míaƒe sitsoƒe. (Sela)
Trust in him, all you people assembled, pour out your heart in his presence; God is a refuge for us. (Selah)
9 Vavã, ƒuƒu ko ame gbɔlowo nye, eye alakpa nye ame siwo nye ame ŋkutawo, elabena ne woda wo le nudanu dzi la, tofloko ko wonye, eye wo katã ƒuƒu ko wonye.
The lowly are nought but a breath, the lofty are but an illusion: in the balances up they go, they are lighter than breath altogether.
10 Migaɖo ŋu ɖe amebaba ŋu, alo akpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo wofi la ŋuti o. Togbɔ be wò kesinɔnuwo dzi ɖe edzi hã la, mègatsɔ wò dzi da ɖe wo dzi o.
Trust not in gain of extortion, set no vain hopes in robbery. As for wealth, if it bears fruit, set not your heart upon it.
11 Mawu gblɔ nya ɖeka, eye mese nu eve le eme be, “Wò, O Mawu, ɖeka koe sesẽ,
One thing God has uttered, two things there are which I heard that power belongs to God,
12 eye O Aƒetɔ, wò la lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò. Vavã, àɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu.”
and to you, too, O Lord, belongs kindness; for you requite each person according to what they have done.

< Psalmowo 62 >