< Psalmowo 61 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. Se nye ɣlidodo, O Mawu, eye nàlé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu. 2 Meyɔ wò tso anyigba ƒe mlɔenu, meyɔ wò, esi nu te nye dzi ŋu belibelibeli; azɔ kplɔm yi ɖe agakpe si kɔ wum la dzi, 3 elabena wòe nye nye sitsoƒe kple mɔ sesẽ, le futɔ la ta. 4 Medi vevie be manɔ wò agbadɔ me tegbee, eye mabe ɖe wò aʋala ƒe fafaƒe. (Sela) 5 O! Mawu, èse nye adzɔgbeɖeɖewo, eye nètsɔ ame siwo vɔ̃a wò ŋkɔ la ƒe domenyinu nam. 6 Dzi fia la ƒe agbemeŋkekewo ɖe edzi nɛ, eƒe ƒewo nasɔ gbɔ be wòakpɔ dzidzime geɖewo. 7 Neɖu fia le Mawu ŋkume tegbee, eye na wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nakpɔ eta. 8 Ekema madzi kafukafuha na wò ŋkɔ tegbee, eye maxe nye adzɔgbeɖefewo gbe sia gbe.

< Psalmowo 61 >