< Psalmowo 61 >
1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. Se nye ɣlidodo, O Mawu, eye nàlé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu.
達味作,交與樂官,和以絃樂。 天主,求你俯聽我的哀號,求你細聽我的祈禱。
2 Meyɔ wò tso anyigba ƒe mlɔenu, meyɔ wò, esi nu te nye dzi ŋu belibelibeli; azɔ kplɔm yi ɖe agakpe si kɔ wum la dzi,
當我心靈憂戚時,我由地極呼號你,求你領我上那崇高磐石,使我安息。
3 elabena wòe nye nye sitsoƒe kple mɔ sesẽ, le futɔ la ta.
因為你是我的避難所,是我抗敵的堅固碉堡。
4 Medi vevie be manɔ wò agbadɔ me tegbee, eye mabe ɖe wò aʋala ƒe fafaƒe. (Sela)
願我常在你的帳幕內寄住,在你的翼護下隱居!
5 O! Mawu, èse nye adzɔgbeɖeɖewo, eye nètsɔ ame siwo vɔ̃a wò ŋkɔ la ƒe domenyinu nam.
天主,你果真滿全了我的志願,賜給了我敬愛你名者的財產。
6 Dzi fia la ƒe agbemeŋkekewo ɖe edzi nɛ, eƒe ƒewo nasɔ gbɔ be wòakpɔ dzidzime geɖewo.
願你使君王的壽命日增,並使他的年歲萬世無窮!
7 Neɖu fia le Mawu ŋkume tegbee, eye na wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nakpɔ eta.
願他在天主前為王,直至永遠,求你廣施慈愛忠誠,使他安全!
8 Ekema madzi kafukafuha na wò ŋkɔ tegbee, eye maxe nye adzɔgbeɖefewo gbe sia gbe.
因此,我要常常歌讚你的名號,為能使我日日償還我的誓約。