< Psalmowo 60 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Nubabla ƒe Dzogbenya” ƒe gbeɖiɖi nu. David kpa nufiameha sia esi wòwɔ aʋa kple Aram Naharaim kple Aram Zobah, kpe ɖe esi Yoab trɔ gbɔ tso aʋa le Dze Balime, afi si wòwu Edomtɔ akpe wuieve le la ŋu. O! Mawu, ègbe mí, èti kpo dze mía dzi, eye nèdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu, eya ta gbugbɔ mí ɖo te!
To the chief music-maker; put to Shushan-eduth. Michtam. Of David. For teaching. When he was fighting against Aram-naharaim and Aramzobah, when Joab came back, and put twelve thousand of the Edomites to death, in the Valley of Salt. God, you have put us away from you, you have sent us in all directions, you have been angry; O be turned to us again.
2 Èʋuʋu anyigba la, eye nèfee wòle nuvo, eya ta gatre eƒe gbagbãƒeawo, elabena ele ʋuʋum.
By the power of your hand the earth is shaking and broken; make it strong again, for it is moved.
3 Èna ɣeyiɣi sesẽwo tu wò dukɔ la, eye nèna wain mí míeno mu hele yiyim sɔgɔsɔgɔsɔgɔ.
You have made the people see hard times; you have given us the wine of shaking for our drink.
4 Ke hena ame siwo vɔ̃a wò la, èkɔ aflaga dzi be wòanye akpoxɔnu ɖe woƒe aŋutrɔ ŋu. (Sela)
Give a safe place to those who have fear of you, where they may go in flight from before the bow. (Selah)
5 Xɔ na mí, eye nàɖe mí kple wò nuɖusi, be ame siwo nèlɔ̃ la nakpɔ xɔxɔ.
So that your loved ones may be made safe, let your right hand be my salvation, and give me an answer.
6 Mawu ƒo nu tso eƒe kɔkɔeƒe la be; “Le dziɖuɖu me, mama Sekem, eye madzidze Sukɔt Balime hã.
God has said in his holy place, I will be glad: I will make a division of Shechem, and the valley of Succoth will be measured out.
7 Gilead nye tɔnye, Manase hã tɔnyee. Nye gakukue nye Efraim, eye Yuda nye nye fiatikplɔ.
Gilead is mine, and Manasseh is mine; and Ephraim is the strength of my head; Judah is my law-giver;
8 Moab nye nye asiklɔgba, meɖe nye tokota ƒu gbe ɖe Edom dzi, eye medo dziɖuɖuɣli ɖe Filistia ta.”
Moab is my washpot; over Edom will I put out my shoe; over Philistia will a glad cry be sounded.
9 Ame ka akplɔm ayi du si ŋu woɖo gli sesẽ ƒo xlãe la me? Ame ka akplɔm ayi Edom?
Who will take me into the strong town? who will be my guide into Edom?
10 O! Mawu, ɖe menye wòe o la, wò ame si gbe mí, eye mègadona kple míaƒe aʋakɔwo lae oa?
Have not you put us away, O God? and you have not gone out with our armies.
11 Kpe ɖe mía ŋu, ɖe míaƒe futɔwo ŋuti, elabena amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu mele ɖeke me o.
Give us help in our trouble; for there is no help in man.
12 To Mawu dzi, míaɖu dzi, eye míafanya míaƒe futɔwo ɖe anyigba.
Through God we will do great things, for through him our haters will be crushed under our feet.

< Psalmowo 60 >