< Psalmowo 6 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku kple seminit ŋu. O! Yehowa, mègaka mo nam le wò dziku me alo ahe to nam le wò dɔmedzoe helĩhelĩ me o.
【懺悔的懇禱】 達味詩歌,交與樂官,和以絃樂,八度低音。 上主,求你不要在震怒中責罰我,不要在氣憤中懲戒我。
2 Yehowa, kpɔ nublanui nam, elabena nu te ŋunye. O! Yehowa, yɔ dɔm, elabena nye ƒuwo le veve sem.
上主,我的體力衰弱,求你憐恤我;上主,我的骨骸戰慄,求你醫治我;
3 Nye luʋɔ le nuxaxa me. Va se ɖe ɣe ka ɣi, O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi?
我的靈魂萬分痛苦,上主,何時才能結束?
4 O! Yehowa, trɔ ɖe ŋunye, eye nàɖem; ɖem, le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.
上主,請你回來援助我,因了你的慈愛解救我。
5 Ame aɖeke meɖoa ŋku dziwò ne eku o. Ame kae kafua wò tso eƒe yɔdo me? (Sheol h7585)
因為,在死亡中,沒有人想念你;在陰府裏,還有誰稱頌你? (Sheol h7585)
6 Mevɔ le eme keŋkeŋ le ŋeŋe ta; metsɔ aɖatsi ƒo nye aba, elabena mefa avi zã blibo la, eye nye aɖatsi wɔe be nye dɔƒe ƒo tsi belebele.
我已哭泣疲憊,每天夜裏,常以眼淚浸濕我的床鋪,常以鼻涕流透我的被褥。
7 Nuxaxa na ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu; womegale nu kpɔm tututu o, le nye futɔwo ta.
我的眼睛因憂傷而昏盲,為了仇敵眾多甚感惆悵。
8 Mite ɖa le gbɔnye, mi nu vlo wɔlawo, elabena Yehowa se nye avifafa.
作奸犯科的人快快遠離我,因為上主聽見了我的悲號;
9 Yehowa se ɣli si medo be wòakpɔ nye nublanui; Yehowa xɔ nye gbedodoɖa alɔ eve.
上主俯允了我的哀告,上主悅納了我的祈禱。
10 Nye futɔwo katã ŋu akpe mi, eye miaƒe mo atsi dãa; woagbugbɔ ɖe megbe enumake kple ŋukpe.
我的仇敵必要受辱驚慌,轉瞬之間必會含羞逃亡。

< Psalmowo 6 >