< Psalmowo 59 >

1 David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. Ekpa ha sia esi Saul dɔ amewo be woadzɔ eƒe aƒe ŋu, eye ne edo go la, woawui. O! Mawu, ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me; kpɔ tanye le ame siwo tso ɖe ŋutinye la ta.
掃羅打發人窺探大衛的房屋,要殺他。那時,大衛作這金詩,交與伶長。調用休要毀壞。 我的上帝啊,求你救我脫離仇敵, 把我安置在高處,得脫那些起來攻擊我的人。
2 Ɖem tso nu vlo wɔlawo ƒe asi me eye nàxɔm tso hlɔ̃dolawo ƒe asi me.
求你救我脫離作孽的人 和喜愛流人血的人!
3 Kpɔ ale si wode xa ɖi nam lae ɖa! Ame nyanyrawo ɖo nugbe ɖe ŋunye, evɔ la, O Yehowa, nyemedze agɔ, alo wɔ nu vɔ̃ aɖeke o.
因為,他們埋伏要害我的命; 有能力的人聚集來攻擊我。 耶和華啊,這不是為我的過犯, 也不是為我的罪愆。
4 Nyemeda vo aɖeke o, evɔ wole klalo be woadze dzinye. Tso, nàxɔ nam; kpɔ xaxa si me mele la ɖa!
我雖然無過,他們預備整齊,跑來攻擊我。 求你興起鑒察,幫助我!
5 O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, Israel ƒe Mawu, nyɔ nàhe to na dukɔwo, mègakpɔ nublanui na ametatrɔla vɔ̃ɖi siawo o. (Sela)
萬軍之上帝-耶和華以色列的上帝啊! 求你興起,懲治萬邦! 不要憐憫行詭詐的惡人! (細拉)
6 Wotrɔ gbɔ le fiẽ me le gbe tem abe avuwo ene, eye wole tsaglãla tsam le dua me.
他們晚上轉回, 叫號如狗,圍城繞行。
7 Kpɔ nu si wotu tso woƒe nu me la ɖa, wotu nyawo tso woƒe nuyiwo me le gbɔgblɔm be, “Ame ka ate ŋu aɖo to mí?”
他們口中噴吐惡言,嘴裏有刀; 他們說:有誰聽見?
8 O! Yehowa, wò koe le wo kom, èɖe alɔme le dukɔ mawo katã ŋu.
但你-耶和華必笑話他們; 你要嗤笑萬邦。
9 O! Nye ŋusẽ, mele nuwò kpɔm. O! Mawu, wòe nye nye mɔ sesẽ,
我的力量啊,我必仰望你, 因為上帝是我的高臺。
10 nye Mawu lɔlɔ̃tɔ. Mawu adze ŋgɔ nam, eye ana makpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe nye ketɔwo dzi.
我的上帝要以慈愛迎接我; 上帝要叫我看見我仇敵遭報。
11 Gake mègawu wo o, O! Aƒetɔ, míaƒe akpoxɔnu, ne menye nenema o la, nye amewo aŋlɔ be. Le wò ŋusẽ me, na woatsa tsaglãla, eye nàhe wo aƒu anyi.
不要殺他們,恐怕我的民忘記。 主啊,你是我們的盾牌; 求你用你的能力使他們四散, 且降為卑。
12 Nya sia nya si doa le wo nu la nye nu vɔ̃, woƒe dada nazu abe mɔ ene aɖe wo, Le fiƒodenya kple alakpanya siwo wogblɔ ta la,
因他們口中的罪和嘴裏的言語, 並咒罵虛謊的話, 願他們在驕傲之中被纏住了。
13 fia wo kple dziku, fia wo va se ɖe esime womaganɔ anyi o. Ekema woanya va se ɖe anyigba la ƒe mlɔenu ke, be Mawue nye fia ɖe Yakob dzi. (Sela)
求你發怒,使他們消滅, 以致歸於無有, 叫他們知道上帝在雅各中間掌權, 直到地極。 (細拉)
14 Wotrɔ gbɔ le fiẽ me, le gbe tem abe avuwo ene, eye wole tsaglãla tsam le dua me.
到了晚上,任憑他們轉回; 任憑他們叫號如狗,圍城繞行。
15 Wole tsatsam le nuɖuɖu dim, eye ne womeɖi ƒo o la, wonɔa wòwóm.
他們必走來走去,尋找食物, 若不得飽就終夜在外。
16 Ke nye la, madzi wò ŋusẽ ƒe ha, eye le ŋdi me la, madzi ha le wò lɔlɔ̃ ŋuti, elabena wòe nye nye mɔ sesẽ, kple nye sitsoƒe le xaxaɣiwo.
但我要歌頌你的力量, 早晨要高唱你的慈愛; 因為你作過我的高臺, 在我急難的日子作過我的避難所。
17 O! Nye ŋusẽ, mele kafukafuha dzim na wò. O! Mawu, wòe nye nye mɔ sesẽ kple nye Mawu si dzi meka ɖo.
我的力量啊,我要歌頌你; 因為上帝是我的高臺, 是賜恩與我的上帝。

< Psalmowo 59 >