< Psalmowo 58 >

1 David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. Ɖe mi dziɖulawo mietoa nyateƒea? Ɖe mietsoa afia dzɔdzɔe na amewoa?
in finem ne disperdas David in tituli inscriptione si vere utique iustitiam loquimini recta iudicate filii hominum
2 Ao, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ boŋ míeɖo ɖe miaƒe dziwo me, eye míaƒe asiwo wɔa ŋutasẽnu le anyigba dzi.
etenim in corde iniquitates operamini in terra iniustitiam manus vestrae concinnant
3 Ame vɔ̃ɖiwo tra mɔ tso keke woƒe vidzĩ me ke, eye tso wo dadawo ƒe dɔ me ke, wodze aglã, hedaa alakpa.
alienati sunt peccatores a vulva erraverunt ab utero locuti sunt falsa
4 Woƒe aɖi le abe da ƒe aɖi ene. Egale abe ƒli si xe nu eƒe to me ene,
furor illis secundum similitudinem serpentis sicut aspidis surdae et obturantis aures suas
5 eye ne gbesala ɖe gbe nɛ la, mewɔa edzi o; aleke gbegbee dzotɔ la bi ɖe gbesasa mee hã la, mesenɛ o.
quae non exaudiet vocem incantantium et venefici incantantis sapienter
6 O, Mawu, ŋe aɖu ɖe nu me na wo, O, Yehowa, tu tsyo na dzata la!
Deus conteret dentes eorum in ore ipsorum molas leonum confringet Dominus
7 Wo nu neyi abe tsi si si va yi la ene. Ne wovu woƒe dawo me la, woƒe aŋutrɔwo nu netsi.
ad nihilum devenient tamquam aqua decurrens intendit arcum suum donec infirmentur
8 Wole abe abɔbɔ si va yi, eye etoƒe bu la ene. Wonenɔ abe fu gege ene, be womakpɔ ɣe o.
sicut cera quae fluit auferentur supercecidit ignis et non viderunt solem
9 Hafi miaƒe zewo nase ŋutidzo si wodo ɖe wo te ŋkɔ, eɖanye mumua, alo ƒuƒua o, woakplɔ ame vɔ̃ɖi la adzoe.
priusquam intellegerent spinae vestrae ramnum sicut viventes sicut in ira absorbet vos
10 Ame dzɔdzɔewo akpɔ dzidzɔ, ne wole hlɔ̃ biam ɖe wo nu, eye wole woƒe afɔwo klɔm ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ʋu me.
laetabitur iustus cum viderit vindictam manus suas lavabit in sanguine peccatoris
11 Ekema amewo agblɔ be, “Vavã, wogale eteƒe ɖom na ame dzɔdzɔe, eye Mawu aɖe li si drɔ̃a ʋɔnu anyigba vavã.”
et dicet homo si utique est fructus iusto utique est Deus iudicans eos in terra

< Psalmowo 58 >