< Psalmowo 57 >
1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. Ekpa ha sia esi wòsi le Saul nu yi ɖabe ɖe agado aɖe me. Kpɔ nye nublanui, O! Mawu, kpɔ nye nublanui, elabena wò mee nye luʋɔ kpɔ sitsoƒe le. Wò aʋala ƒe vɔvɔli te mabe ɖo va se ɖe esime gbegblẽ la nu nava yi.
ダビデが洞にいりてサウルの手をのがれしとき詠て「ほろぼすなかれ」にといふ調にあはせて伶長にうたはしめたるミクタムのうた 我をあはれみたまへ神よわれをあはれみたまへ わが霊魂はなんぢを避所とす われ禍害のすぎさるまではなんぢの翼のかげを避所とせん
2 Mawu, Dziƒoʋĩtɔ lae medo ɣli na, Mawu si wɔa ɖoɖo si wòwɔ ɖe ŋunye la dzi.
我はいとたかき神によばはん わがために百事をなしをへたまふ神によばはん
3 Edɔ xɔnametɔ tso dziƒo, eye wòxɔ nam heka mo na ame siwo le yonyeme tim kutɔkutɔe. (Sela) Mawu dɔ eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe nuteƒewɔwɔ ɖa.
神はたすけを天よりおくりて我をのまんとする者のそしるときに我を救ひたまはん (セラ) 神はその憐憫その眞實をおくりたまはん
4 Mele dzatawo dome, memlɔ lã lénuwo dome, amegbetɔ siwo ƒe aɖuwo nye akplɔwo kple aŋutrɔwo, eye woƒe aɖewo nye yi ɖaɖɛwo.
わがたましひは群ゐる獅のなかにあり 火のごとくもゆる者 その歯は戈のごとく矢のごとくその舌はとき劍のごとき人の子のなかに我ふしぬ
5 Medo wò ɖe dzi, O Mawu, gbɔ dziƒowo ŋu, na wò ŋutikɔkɔe naklẽ ɖe anyigba blibo la dzi.
神よねがはくはみづからを天よりも高くしみさかえを全地のうへに挙たまへ
6 Woɖo ɖɔ ɖi na nye afɔ, ena mete ɖe anyi kple nuxaxa. Woɖe ʋe ɖe mɔ dzi nam, gake woawo ŋutɔ ge dze eme. (Sela)
かれらはわが足をとらへんとて網をまうく わが霊魂はうなたる かれらはわがまへに阱をほりたり而してみづからその中におちいれり (セラ)
7 Nye dzi li ke sesĩe, O Mawu, nye dzi li ke sesĩe, eya ta madzi ha aƒo saŋku.
わが心さだまれり神よわがこころ定まれり われ謳ひまつらん頌まつらん
8 Nyɔ, nye luʋɔ! Nyɔ, kasaŋku kple gasaŋku! Mana fɔŋli nanyɔ!
わが榮よさめよ 筝よ琴よさめよ われ黎明をよびさまさん
9 O! Aƒetɔ, makafu wò le dukɔwo dome, eye madzi ha na wò le dukɔwo dome,
主よわれもろもろの民のなかにてなんぢに感謝し もろもろの國のなかにて汝をほめうたはん
10 elabena wò lɔlɔ̃ keke ta, yi ɖatɔ dziƒo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli.
そは汝のあはれみは大にして天にまでいたり なんぢの眞實は雲にまでいたる
11 Medo wò ɖe dzi, O Mawu, gbɔ dziƒowo ŋu, na wò ŋutikɔkɔe naklẽ ɖe anyigba blibo la dzi.
神よねがはくは自からを天よりも高くし光榮をあまねく地のうへに挙たまへ