< Psalmowo 55 >

1 David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. O! Mawu, ɖo to nye gbedodoɖa, mègado toku nye kokoƒoƒo o.
Pour le musicien en chef. Sur les instruments à cordes. Une contemplation de David. Écoute ma prière, Dieu. Ne te cache pas de ma supplication.
2 Ɖo tom, eye nàtɔ nam. Nye tamesusuwo ɖea fu nam, eye metɔtɔna,
Occupe-toi de moi, et réponds-moi. Je suis agité dans ma plainte, et gémir
3 ne mese futɔ la ƒe gbe, alo ne ame vɔ̃ɖi la tro ŋku ɖem. Elabena wohe fukpekpe va dzinye, eye wogblɔa nya vɔ̃wo ɖe ŋunye le woƒe dɔmedzoe me.
à cause de la voix de l'ennemi, à cause de l'oppression des méchants. Car ils me font souffrir. En colère, ils m'en veulent.
4 Nye dzi le nu xam vevie le menye; ku ƒe ŋɔdzi ɖe to ɖem.
Mon cœur est gravement blessé au-dedans de moi. Les terreurs de la mort se sont abattues sur moi.
5 Vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém, eye ŋɔdzi gbagba blam.
La crainte et le tremblement me saisissent. L'horreur m'a submergé.
6 Megblɔ be, “O! Ɖe wònye aʋala le asinye abe ahɔnɛ ene la, anye ne madzo aɖadzudzɔ le teƒe aɖe.
Je disais: « Oh, si j'avais des ailes comme une colombe! Puis je m'envolerais, et je serais en paix.
7 Madzo ayi keke gbegbe, aɖanɔ afi ma. (Sela)
Voici, je m'égarerais au loin. Je voudrais me loger dans le désert. (Selah)
8 Maɖe abla ayi ɖe nye bebeƒe, ate ɖe aga tso ya sesẽwo kple ahom gbɔ.”
« Je me précipiterais vers un abri pour me protéger du vent et de la tempête. »
9 O! Aƒetɔ, tɔtɔ ame vɔ̃ɖiwo, tɔtɔ woƒe nyagbɔgblɔwo, elabena mekpɔ ŋutasesẽ kple ʋunyaʋunya le dua me.
Embrouillez-les, Seigneur, et confondez leur langage, car j'ai vu de la violence et des querelles dans la ville.
10 Zã kple keli wole tatam le eƒe gliwo dzi, eye nugbeɖoɖo kple hiãkame le eme.
Jour et nuit, ils rôdent sur ses murs. La malice et l'abus sont également en elle.
11 Ŋusẽ siwo gblẽa nu la le dɔ wɔm le dua me; ŋutasesẽ kple alakpadada medzona le eƒe ablɔ dzi o.
Les forces destructrices sont en elle. Les menaces et les mensonges ne quittent pas ses rues.
12 Ne futɔe le dzu yem la, mate ŋu atsɔe; ne ketɔe kɔ eɖokui ɖe dzi ɖe ŋunye la, mate ŋu aɣla ɖee,
Car ce n'est pas un ennemi qui m'a insulté, alors j'aurais pu l'endurer. Ce n'est pas non plus celui qui me haïssait qui s'est élevé contre moi, alors je me serais caché de lui.
13 gake wò, ŋutsu abe nye ene, xɔ̃nye vevi kple nye kpeɖeŋutɔ,
Mais c'était toi, un homme comme moi, mon compagnon, et mon ami familier.
14 nye kple ame si dome habɔbɔ vivi aɖe nɔ, eye míezɔna aduadu le amehawo dome le gbedoxɔ me lae.
Nous avons pris une douce communion ensemble. Nous avons marché dans la maison de Dieu avec de la compagnie.
15 Ku neƒo ɖe nye ketɔwo dzi kpoyi; woneyi yɔdo me agbagbe, elabena nu vɔ̃ɖi wɔwɔ xɔ aƒe ɖe wo dome. (Sheol h7585)
Que la mort vienne soudainement sur eux. Qu'ils descendent vivants dans le séjour des morts. Car la méchanceté est au milieu d'eux, dans leur demeure. (Sheol h7585)
16 Ke meyɔ Mawu, eye wòtɔ nam, heɖem.
Quant à moi, j'invoquerai Dieu. Yahvé me sauvera.
17 Fiẽ, ŋdi kple ŋdɔ medo ɣli le xaxame, eye wòse nye gbe.
Le soir, le matin et à midi, je crierai ma détresse. Il entendra ma voix.
18 Eɖem tso aʋa si le edzi yim kplim la me le dedinɔnɔ me, togbɔ be ame geɖewo tso ɖe ŋutinye hã.
Il a racheté mon âme en paix de la bataille qui était contre moi, bien qu'il y ait beaucoup de gens qui s'opposent à moi.
19 Mawu, ame si le fiazikpui dzi tegbee la asee, eye wòabɔbɔ wo ɖe anyi, (Sela) ame siwo gbe tɔtrɔ le woƒe mɔwo dzi, eye womevɔ̃a Mawu o lae.
Dieu, qui est sur le trône pour toujours, les entendra et leur répondra. (Selah) Ils ne changent jamais et ne craignent pas Dieu.
20 Nye zɔhɛ wɔ avu kple exɔlɔ̃wo hegblẽ kɔ ɖo na eƒe nubabla.
Il lève ses mains contre ses amis. Il a violé son alliance.
21 Eƒe nuƒo zrɔ̃ dredredre abe notsi kpekpe ene, evɔ aʋawɔwɔ le eƒe dzi me; eƒe numenyawo zrɔ̃ wu ami, gake wonye yi siwo woɖe le aku me lé ɖe asi.
Sa bouche était lisse comme du beurre, mais son cœur était la guerre. Ses mots étaient plus doux que de l'huile, mais ce sont des épées dégainées.
22 Tsɔ wò dzimaɖiwo da ɖe Yehowa dzi, eye akpɔ tawò, elabena mana ame dzɔdzɔe la nadze anyi akpɔ gbeɖe o.
Dépose ton fardeau sur Yahvé et il te soutiendra. Il ne permettra jamais aux justes d'être déplacés.
23 O! Mawu, ke wò la, àhe ame vɔ̃ɖiwo ayi yɔdo me. Ŋutsu hlɔ̃dolawo kple ameblelawo manɔ agbe wòade agbemeŋkeke siwo nèna wo la ƒe afã hã o. Ke nye la, wò ko dzi meka ɖo.
Mais toi, Dieu, tu les feras descendre dans la fosse de la destruction. Les hommes sanguinaires et fourbes ne vivront pas la moitié de leurs jours, mais j'ai confiance en toi.

< Psalmowo 55 >