< Psalmowo 54 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. David kpa ha sia esi Zifitɔwo yi Saul gbɔ gblɔ nɛ be, “Ɖe David meva ɣla ɖe mía dome oa?” Ɖem, O! Mawu, ɖem kple wò ŋkɔ, tsɔ wò ŋusẽ tso afia nam.
למנצח בנגינת משכיל לדוד ב בבא הזיפים ויאמרו לשאול הלא דוד מסתתר עמנו ג אלהים בשמך הושיעני ובגבורתך תדינני
2 O! Mawu, se nye gbedodoɖa, eye nàƒu to anyi ɖe nye numenyawo ŋu.
אלהים שמע תפלתי האזינה לאמרי-פי
3 Amedzrowo tso ɖe ŋunye, ŋutasẽlawo ti nye agbe yome, ame siwo mebua Mawu ɖe naneke me o. (Sela)
כי זרים קמו עלי-- ועריצים בקשו נפשי לא שמו אלהים לנגדם סלה
4 Mawu nye nye xɔnametɔ vavã, Aƒetɔ lae nye ame si lém ɖe asi.
הנה אלהים עזר לי אדני בסמכי נפשי
5 Vɔ̃ negbugbɔ va ame siwo le ŋunye gblẽm la dzi, tsrɔ̃ wo le wò nuteƒewɔwɔ ta.
ישוב (ישיב) הרע לשררי באמתך הצמיתם
6 Masa lɔlɔ̃nuvɔsa na wò, O! Yehowa, makafu wò ŋkɔ, elabena enyo.
בנדבה אזבחה-לך אודה שמך יהוה כי-טוב
7 Eɖem tso nye xaxawo katã me, eye nye ŋkuwo kpɔ ale si woɖu nye futɔwo dzii.
כי מכל-צרה הצילני ובאיבי ראתה עיני

< Psalmowo 54 >