< Psalmowo 52 >

1 David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Ekpa ha sia esi Edomtɔ, Doeg yi ɖagblɔ na Saul be, “David yi ɖe Ahimelek ƒe aƒe me.” Nu ka ta nètsɔ nu vɔ̃ɖi le adegbe ƒom, wò kalẽtɔ? Nu ka wɔ nèle adegbe ƒom ŋkeke blibo la, wò ame si nye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume?
למנצח משכיל לדוד בבוא דואג האדמי ויגד לשאול ויאמר לו בא דוד אל בית אחימלך מה תתהלל ברעה הגבור חסד אל כל היום׃
2 Wò aɖe le gbegblẽ ɖom; èle abe hɛ ɖaɖɛ ene, wò alakpatɔ.
הוות תחשב לשונך כתער מלטש עשה רמיה׃
3 Èlɔ̃ vɔ̃ wu nyui, èlɔ̃ alakpa wu nyateƒetoto. (Sela)
אהבת רע מטוב שקר מדבר צדק סלה׃
4 O! Wò alakpaɖe, èlɔ̃ nya gbegblẽwo sɔŋ ko!
אהבת כל דברי בלע לשון מרמה׃
5 Vavã, Mawu hã aƒu wò anyi ɖe gbegblẽ mavɔ me. Mawu ahe wò ado goe tso wò agbadɔ me, aho wò kple ke tso agbagbeawo ƒe anyigba dzi. (Sela)
גם אל יתצך לנצח יחתך ויסחך מאהל ושרשך מארץ חיים סלה׃
6 Ame dzɔdzɔewo akpɔe, eye woavɔ̃; woakoe ahagblɔ be,
ויראו צדיקים וייראו ועליו ישחקו׃
7 “Kpɔ ɖa, ŋutsu si metsɔ Mawu wɔ eƒe mɔ sesẽ o, ke boŋ wòtsɔ eƒe dzi ɖo eƒe kesinɔnu gbogboawo ŋu, eye wòkpɔ ŋusẽ hegblẽ ame bubuwo dome lae nye esi!”
הנה הגבר לא ישים אלהים מעוזו ויבטח ברב עשרו יעז בהותו׃
8 Ke nye la, mele abe amiti si le tsetsem le Mawu ƒe aƒe me la ene. Meɖo dzi ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
ואני כזית רענן בבית אלהים בטחתי בחסד אלהים עולם ועד׃
9 Makafu wò tegbee le nu si nèwɔ la ta; matsɔ nye mɔkpɔkpɔ ade wò ŋkɔ me, elabena wò ŋkɔ nyo. Makafu wò le wò ame kɔkɔewo ŋkume.
אודך לעולם כי עשית ואקוה שמך כי טוב נגד חסידיך׃

< Psalmowo 52 >