< Psalmowo 51 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Ekpa ha sia esime wòwɔ ahasi kple Batseba, eye Nyagblɔɖila Natan va egbɔ. O! Mawu, kpɔ nye nublanui le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta. Le wò dɔmenyo sɔgbɔ la nu, tutu nye dzidadawo ɖa.
برای سالار مغنیان. مزمور داود وقتی که ناتان نبی بعد از در‌آمدنش به بتشبع نزد او آمد ای خدا به حسب رحمت خود بر من رحم فرما. به حسب کثرت رافت خویش گناهانم را محو ساز.۱
2 Klɔ nye vodadawo katã ɖa, eye nàle tsi nam ŋunye nakɔ tso nye nu vɔ̃wo me.
مرا از عصیانم به کلی شست و شو ده و از گناهم مرا طاهر کن.۲
3 Elabena menya nye dzidadawo, eye nye nu vɔ̃wo le nye ŋkume ɖaa.
زیرا که من به معصیت خود اعتراف می‌کنم وگناهم همیشه در نظر من است.۳
4 Ŋuwò, wò ko ŋu mewɔ nu vɔ̃ ɖo, eye nu si nye vɔ̃ le wò ŋkume la mewɔ, eya ta ne èle nu ƒom la, woaɖee afia be tɔwò dzɔ, eye ne ètso afia la, woagblɔ be ele eteƒe.
به تو و به تو تنهاگناه ورزیده، و در نظر تو این بدی را کرده‌ام. تا درکلام خود مصدق گردی و در داوری خویش مزکی شوی.۴
5 Vavã, wodzim ɖe nu vɔ̃ me, eye nu vɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo.
اینک در معصیت سرشته شدم و مادرم درگناه به من آبستن گردید.۵
6 Vavã, nyateƒe si tso dzi me ke la nèdina; èfia nunyam le ememe ke.
اینک براستی در قلب راغب هستی. پس حکمت را در باطن من به من بیاموز.۶
7 Klɔ ŋutinye kple kakle, eye ŋunye aɖi; le tsi nam, eye mafu tititi wu aklala.
مرا با زوفا پاک کن تا طاهر شوم. مراشست و شو کن تا از برف سفیدتر گردم.۷
8 Na mase dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso, ne nye ƒu siwo nèŋe la nakpɔ dzidzɔ.
شادی وخرمی را به من بشنوان تا استخوانهایی که کوبیده‌ای به وجد آید.۸
9 Ɣla wò mo ɖe nye nu vɔ̃wo, eye nàtutu nye vodadawo katã ɖa.
روی خود را از گناهانم بپوشان و همه خطایای مرا محو کن.۹
10 O! Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nàgbugbɔ gbɔgbɔ si li ke la de menye.
‌ای خدادل طاهر در من بیافرین و روح مستقیم در باطنم تازه بساز.۱۰
11 Mègatsɔm ƒu gbe le wò ŋkume, alo nàxɔ wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le asinye o.
مرا از حضور خود مینداز، و روح قدوس خود را از من مگیر.۱۱
12 Gbugbɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzidzɔ de menye, eye nàna gbɔgbɔ si le klalo la be wòalém ɖe asi.
شادی نجات خودرا به من باز ده و به روح آزاد مرا تایید فرما.۱۲
13 Ekema mafia wò mɔwo dzidalawo, eye nu vɔ̃ wɔlawo atrɔ ava gbɔwò.
آنگاه طریق تو را به خطاکاران تعلیم خواهم داد، و گناه کاران بسوی تو بازگشت خواهند نمود.۱۳
14 O! Mawu, ɖem tso ʋukɔkɔɖi ƒe nu vɔ̃ me, wò Mawu si ɖem, eye nye aɖe adzi ha le wò dzɔdzɔenyenye ŋu.
مرا از خونها نجات ده! ای خدایی که خدای نجات من هستی! تا زبانم به عدالت تو ترنم نماید.۱۴
15 O! Aƒetɔ, ke nye nuyiwo, eye nye nu aɖe gbeƒã wò kafukafu.
خداوندا لبهایم را بگشا تا زبانم تسبیح تو رااخبار نماید.۱۵
16 Mèdia vɔsa o, anye ne metsɔe na wò; numevɔsa hã medoa dzidzɔ na wò o.
زیرا قربانی را دوست نداشتی والا می‌دادم. قربانی سوختنی را پسند نکردی.۱۶
17 Vɔsa siwo nye Mawu tɔe nye gbɔgbɔ si wogbã. O! Mawu, màdo vlo dzi si gbã hetugu la o.
قربانی های خدا روح شکسته است. خدایا دل شکسته و کوبیده را خوار نخواهی شمرد.۱۷
18 Na nu nadze edzi na Zion le wò didi nyui la nu, eye nàɖo Yerusalem ƒe gliwo te.
به رضامندی خود بر صهیون احسان فرما وحصارهای اورشلیم را بنا نما.۱۸
19 Ekema dzɔdzɔenyenyevɔsawo kple numevɔsa blibowo ava gbɔwò, ado dzidzɔ na wò, eye woatsɔ nyitsuwo asa vɔe le wò vɔsamlekpui dzi.
آنگاه ازقربانی های عدالت و قربانی های سوختنی تمام راضی خواهی شد و گوساله‌ها بر مذبح توخواهند گذرانید.۱۹

< Psalmowo 51 >