< Psalmowo 5 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii kple kpẽ. O! Yehowa, ɖo to nye nyawo, eye nàse nye hũɖeɖe.
For the Chief Musician, with the flutes. A Psalm by David. Give ear to my words, LORD. Consider my (meditation)
2 Fianye kple Mawunye, ɖo to nye ɣlidodo, elabena wòe mele gbe dom ɖa na.
Listen to the voice of my cry, my King and my God, for I pray to you.
3 O! Yehowa, le ŋdi me la, àse nye gbe; le ŋdi me la, matsɔ nye biabiawo aɖo ŋkuwò me, eye manɔ lalam kple mɔkpɔkpɔ.
LORD, in the morning you will hear my voice. In the morning I will lay my requests before you, and will watch expectantly.
4 Menye Mawu si kpɔa dzidzɔ le vɔ̃ ŋutie nènye o; wò la, ame vɔ̃ɖiwo mate ŋu anɔ gbɔwò o.
For you are not a God who has pleasure in wickedness. Evil cannot live with you.
5 Ɖokuiŋudzelawo mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋkuwò me o; elabena èlé fu nu vlo wɔlawo katã.
The arrogant will not stand in your sight. You hate all workers of iniquity.
6 Ètsrɔ̃ aʋatsokalawo; Yehowa tsri hlɔ̃dolawo kple ameblelawo.
You will destroy those who speak lies. The LORD abhors the bloodthirsty and deceitful man.
7 Ke nye ya, mava wò aƒe me to wò nublanuikpɔkpɔ gã la me. Matsɔ bubu ade ta agu ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la ŋgɔ.
But as for me, in the abundance of your loving kindness I will come into your house. I will bow toward your holy temple in reverence of you.
8 Kplɔm, O! Yehowa, le wò dzɔdzɔenyenye nu le nye futɔwo ta, eye wɔ wò mɔwo dzɔdzɔe le ŋkunye me.
Lead me, LORD, in your righteousness because of my enemies. Make your way straight before my face.
9 Womate ŋu axɔ nya siwo doa go tso woƒe nu me la ɖeka pɛ hã dzi ase o, woƒe dzi yɔ fũu kple gbegblẽ. Woƒe ve me le abe yɔdo si le ʋuʋu ɖi la ene, eye wotsɔa woƒe aɖe gblɔa alakpanyawoe.
For there is no faithfulness in their mouth. Their heart is destruction. Their throat is an open tomb. They flatter with their tongue.
10 O! Mawu, bu fɔ wo! Na be woƒe ayemɔwo naƒu wo anyi. Ɖe wo ɖa le woƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta, elabena wodze aglã ɖe ŋuwò.
Hold them guilty, God. Let them fall by their own counsels. Thrust them out in the multitude of their transgressions, for they have rebelled against you.
11 Ke na ame siwo si wò tso la nakpɔ dzidzɔ, eye na be woadzi ha kple dzidzɔ tegbee. Keke wò ametakpɔkpɔ ɖe wo dzi, ale be ame siwo lɔ̃ wò ŋkɔ la natso aseye le mewò.
But let all those who take refuge in you rejoice. Let them always shout for joy, because you defend them. Let them also who love your name be joyful in you.
12 O! Yehowa, èyraa ame dzɔdzɔewo vavã, eye nètsɔa wò amenuveve ƒoa xlã wo abe akpoxɔnu ene.
For you will bless the righteous. LORD, you will surround him with favor as with a shield.

< Psalmowo 5 >