< Psalmowo 48 >
1 Korah ƒe viwo ƒe ha. Yehowa lolo, eye eya koe dze kafukafu le míaƒe Mawu la ƒe du me, le eƒe to kɔkɔe la dzi.
İlahi - Korahoğulları'nın mezmuru RAB büyüktür ve yalnız O övülmeye değer Tanrımız'ın kentinde, kutsal dağında.
2 Zion to la kɔkɔ henya kpɔ ale gbegbe, eye wònye dzudzɔdonu na anyigba blibo la. Fia gã la ƒe du, si le abe Zafon to kɔkɔe la ene.
Yükselir zarafetle, Bütün yeryüzünün sevinci Siyon Dağı, Safon'un doruğu, ulu Kral'ın kenti.
3 Mawu le eƒe fiasãwo me, eye wòɖe eɖokui fia abe eƒe mɔ sesẽ ene.
Tanrı onun kalelerinde Sağlam kule olarak gösterdi kendini.
4 Fiawo ƒo woƒe aʋakɔwo nu ƒu, hezɔ ɖe edzi ɖekae,
Krallar toplandı, Birlikte Siyon'un üzerine yürüdüler.
5 ke esi wokpɔe la, woƒe nu ku, ŋɔdzi lé wo eye wosi dzo.
Ama onu görünce şaşkına döndüler, Dehşete düşüp kaçtılar.
6 Dzidzi ƒo wo, eye wose veve abe nyɔnu si le ku lém la ene.
Doğum sancısı tutan kadın gibi, Bir titreme aldı onları orada.
7 Egbã wo gudugudu abe ale si ɣedzeƒeya gbã Tarsis tɔdziʋuwo ene.
Doğu rüzgarının parçaladığı ticaret gemileri gibi Yok ettin onları.
8 Abe ale si míese ene la, nenemae míekpɔe le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la kple míaƒe Mawu la ƒe du mee. Mawu na wòanɔ dedie tegbetegbe. (Sela)
Her Şeye Egemen RAB'bin kentinde, Tanrımız'ın kentinde, Nasıl duyduksa, öyle gördük. Tanrı onu sonsuza dek güvenlik içinde tutacak. (Sela)
9 O! Mawu, míedea ŋugble le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu le wò gbedoxɔ me.
Ey Tanrı, tapınağında, Ne kadar vefalı olduğunu düşünüyoruz.
10 O! Mawu, wò kafukafu de keke anyigba la ƒe mlɔenu ke abe wò ŋkɔ ene. Wò nuɖusi ɖua fia le dzɔdzɔenyenye me.
Adın gibi, ey Tanrı, övgün de Dünyanın dört bucağına varıyor. Sağ elin zafer dolu.
11 Zion to kpɔ dzidzɔ, eye Yuda ƒe kɔƒewo le aseye tsom le wò afiatsotso ta.
Sevinsin Siyon Dağı, Coşsun Yahuda kentleri Senin yargılarınla!
12 Mizɔ Zion to la ŋu godoo, mizɔ ƒo xlãe, eye mixlẽ eƒe xɔ tsralawo,
Siyon'un çevresini gezip dolanın, Kulelerini sayın,
13 ne miakpɔ kpo si woƒo ɖe eƒe gliwo ŋu. Mikpɔ eƒe fiasãwo nyuie ne míatsɔe atu xoe na dzidzime si gbɔna,
Surlarına dikkatle bakın, Kalelerini yoklayın ki, Gelecek kuşağa anlatasınız:
14 elabena Mawu siae nye míaƒe Mawu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me; eyae anye mía kplɔla yi ɖase ɖe nuwuwu.
Bu Tanrı sonsuza dek bizim Tanrımız olacak, Bize hep yol gösterecektir.