< Psalmowo 47 >

1 Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. Miƒo asikpe, mi dukɔwo katã. Mitso aseye ɖe Mawu ŋu kple ɣli.
Сви народи, запљескајте рукама, покликните Богу гласом радосним.
2 Ŋɔdzi le Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ŋu ale gbegbe, eyae nye Fiagã ɖe anyigba la katã dzi!
Јер је Вишњи Господ страшан, цар велики над свом земљом.
3 Ebɔbɔ dukɔwo ɖe mía te, eye wòtsɔ anyigbadzitɔwo de míaƒe afɔ te.
Покори нам народе и племена под ноге наше.
4 Etia míaƒe domenyinu na mí si nye dada na Yakob, ame si wòlɔ̃. (Sela)
Избра нам достојање наше, красоту Јакова, који Му омиле.
5 Mawu yi dzi kple aseyetsotso, Yehowa yi dzi kple kpẽ ƒe ɖiɖi.
Иде Бог уз подвикивање, Господ уз глас трубни.
6 Midzi kafukafuhawo na Mawu, midzi kafukafuhawo; midzi kafukafuhawo na míaƒe Fia la, midzi kafukafuhawo,
Појте Богу, појте; појте цару нашем, појте;
7 elabena Mawue nye Fia ɖe anyigba blibo la dzi, midzi kafukafuha nɛ.
Јер је Бог цар од све земље, појте песму.
8 Mawu ɖu fia ɖe dukɔwo dzi. Mawu nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi.
Бог царује над народима; Бог седи на светом престолу свом.
9 Dukɔwo ƒe bubumewo ɖi anyi abe Abraham ƒe Mawu la ƒe amewo ene, elabena anyigbadzifiawo nye Mawu tɔ, elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo.
Кнезови народни састављају се с народом Бога Аврамовог. Јер су штитови земаљски Божији. Да је узвишен!

< Psalmowo 47 >