< Psalmowo 46 >

1 Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la, ne woadzi ɖe alamot ƒe gbeɖiɖi nu. Mawue nye míaƒe sitsoƒe kple ŋusẽ, xɔnametɔ si li ɖaa kpli mí le xaxawo me.
For the Leader; a Psalm of the sons of Korah; upon Alamoth. A Song. God is our refuge and strength, a very present help in trouble.
2 Eya ta ne anyigba gli le zi dzi hã la, míavɔ̃ o, ne towo ho ɖadze atsiaƒu me,
Therefore will we not fear, though the earth do change, and though the mountains be moved into the heart of the seas;
3 eye atsiaƒutsi ɖe gbe lɔ futukpɔ ɖe nu, ale be towo dzo kpekpekpe le eƒe howɔwɔ ta hã la, míavɔ̃ o. (Sela)
Though the waters thereof roar and foam, though the mountains shake at the swelling thereof. (Selah)
4 Tɔsisi aɖe li, esi ƒe tsiwo doa dzidzɔ na Mawu ƒe du, teƒe kɔkɔe, afi si Dziƒoʋĩtɔ la nɔna.
There is a river, the streams whereof make glad the city of God, the holiest dwelling-place of the Most High.
5 Mawu le afi ma, eya ta mamu adze anyi o. Mawu akpe ɖe eŋu ne ŋu ke teti.
God is in the midst of her, she shall not be moved; God shall help her, at the approach of morning.
6 Hoowɔwɔ ɖo dukɔwo me, fiaɖuƒewo mu; ekɔ eƒe gbe dzi, tete anyigba lolo.
Nations were in tumult, kingdoms were moved; He uttered His voice, the earth melted.
7 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la li kpli mí, Yakob ƒe Mawu la nye míaƒe mɔ sesẽ. (Sela)
The LORD of hosts is with us; the God of Jacob is our high tower. (Selah)
8 Miva kpɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo ɖa, miva kpɔ gbegblẽ si wòhe va anyigba dzi la ɖa.
Come, behold the works of the LORD, who hath made desolations in the earth.
9 Ena aʋawɔwɔ nu tso va se ɖe keke anyigba ƒe mlɔenu ke; eŋe da, eye wòfli akplɔ, hetɔ dzo akpoxɔnuwo.
He maketh wars to cease unto the end of the earth; He breaketh the bow, and cutteth the spear in sunder; He burneth the chariots in the fire.
10 “Ɖe dzi ɖi, eye nànya be nyee nye Mawu. Woadom ɖe dzi le dukɔwo dome, eye woadom ɖe dzi le anyigba dzi.”
'Let be, and know that I am God; I will be exalted among the nations, I will be exalted in the earth.'
11 Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la li kpli mí, Yakob ƒe Mawu la nye míaƒe mɔ sesẽ. (Sela)
The LORD of hosts is with us; the God of Jacob is our high tower. (Selah)

< Psalmowo 46 >