< Psalmowo 45 >
1 Korah ƒe viwo ƒe nufiameha si nye srɔ̃ɖeha na hɛnɔ la, ne woadzi ɖe dzogbenya ƒe gbeɖiɖi nu. Nya nyuiwo le fiefiem le nye dzi me esi mele ha sia kpam na fia la, eye nye aɖee nye nuŋlɔla adodoea ƒe nuŋlɔti.
Til Sangmesteren. Til Liljerne. Af Koras Sønner. En Maskil. En Sang om Kærlighed.
2 Èdze ɖeka wu ŋutsuwo katã, wotsɔ amenuveve si ami na wò nuyi, elabena Mawu yra wò tegbee.
Mit Hjerte svulmer af liflige Ord, jeg kvæder mit Kvad til Kongens Pris, som Hurtigskriverens Pen er min Tunge.
3 O! Kalẽtɔ, tsɔ wò yi ta ɖe ali, eye nàtsɔ wò atsyɔ̃ kple gãnyenye ata.
Den skønneste er du af Menneskens Børn, Ynde er udgydt paa dine Læber, derfor velsignede Gud dig for evigt.
4 Do sɔ dziɖuɖutɔe le wò fianyenye me. Le nyateƒe, ɖokuibɔbɔ kple dzɔdzɔenyenye me, na wò nuɖusi naɖe wò nuwɔwɔ dziŋɔwo afia.
Omgjord din Lænd med Sværdet, o Helt,
5 Na wò aŋutrɔ ɖaɖɛwo naŋɔ fia la ƒe futɔwo ƒe dzi, eye na dukɔwo nadze anyi ɖe wò afɔ nu.
Lykken følge din Højhed og Hæder, far frem for Sandhedens Sag, for Ydmyghed og Retfærd, din højre lære dig frygtelige Ting!
6 O! Mawu, wò fiazikpui ali ke tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, wò fiaɖuƒe la ƒe tsiamiti anye nuteƒewɔwɔ ƒe atikplɔ.
Dine Pile er hvæssede, Folkeslag falder for din Fod, Kongens Fjender rammes i Hjertet.
7 Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye nètsri nu vɔ̃ɖi wɔwɔ; eya ta Mawu, wò Mawu la ɖo wò nèkɔ gbɔ fia bubuwo ta to dzidzɔkpɔkpɔ ƒe amisisi na wò me.
Din Trone, o Gud, staar evigt fast, en Retfærds Stav er din Kongestav.
8 Kotoklobo, lifi kple atike ʋeʋĩ le ya ɖem le wò awuwo me. Kasaŋkuwo na nèle aseye tsom le wò nyiɖufiasawo me.
Du elsker Ret og hader Uret; derfor salvede Gud, din Gud, dig med Glædens Olie fremfor dine Fæller,
9 Fiavinyɔnuwo le wò nyɔnu bubumewo dome, eye fiasrɔ̃ si do Ofir Sikanuwo la nɔ wò nuɖusime.
af Myrra, Aloe og Kassia dufter alle dine Klæder. Du glædes ved Strengeleg fra Elfenbenshaller,
10 O! Vinyɔnu, ɖo to, nàbu eŋu, eye nàƒu to anyi. Ŋlɔ wò dukɔ kple fofowò ƒe aƒe la be.
Kongedøtre staar i kostbare Klæder, Dronningen i Ofirguldets Skrud ved din højre.
11 Wò tugbedzedze wɔ dɔ ɖe fia la dzi ŋutɔ, eya ta de bubu eŋu, elabena eyae nye wò aƒetɔ.
Hør, min Datter, opmærksomt og bøj dit Øre: Glem dit Folk og din Faders Hus,
12 Tiro vinyɔnu atsɔ nunana vɛ, eye ŋutsu kesinɔtɔwo ava bia amenuveve tso gbɔwò.
at Kongen maa attraa din Skønhed, thi han er din Herre.
13 Fiavinyɔnu la nye keklẽ sɔŋ le eƒe xɔ me; eye wotsɔ sika lé ɖe eƒe awu legbe ƒe teƒeteƒewo keŋ.
Tyrus's Datter skal hylde dig med Gaver, Folkets Rigmænd bejle til din Yndest.
14 Edo awu legbe si wolɔ̃ kple ka, eye wokplɔe va fia la gbɔe; eƒe dɔlanyɔnu siwo menya ŋutsu o la kplɔe ɖo, eye wokplɔ wo vɛ na wò.
Idel Pragt er Kongedatteren, hendes Dragt er Perler, stukket i Guld;
15 Wokplɔ wo ge ɖe eme le dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso me, ale woge ɖe fiasã la me.
fulgt af Jomfruer føres hun frem i broget Pragt, Veninderne fører hende hen til Kongen.
16 Mía viŋutsuwo axɔ ɖe mía fofowo teƒe, eye míawɔ wo fiaviwo le anyigba la katã dzi.
De føres frem under Glæde og Jubel, holder deres Indtog i Kongens Palads.
17 Mana woaɖo ŋku dziwò le dzidzimewo katã me, eya ta dukɔwo akafu wò tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
Dine Sønner træde ind i dine Fædres Sted, sæt dem til Fyrster rundt i Landet! Jeg vil minde om dit Navn fra Slægt til Slægt; derfor skal Folkene love dig evigt og altid.