< Psalmowo 42 >

1 Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. Ale si zinɔ ƒe ve me ƒunae ɖe tɔʋuwo ŋu la, O! Mawu, nenemae nye luʋɔ le diwòm.
“BOOK II. For the leader of the music. A song of the sons of Korah.” As the hart panteth for the water-brooks, So panteth my soul for thee, O God!
2 Tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe Mawu ŋu, ɖe Mawu gbagbe la ŋu. Ɣe ka ɣi mayi aɖado go Mawu?
My soul thirsteth for God, the living God: When shall I come, and appear before God?
3 Nye aɖatsiwo zu nuɖuɖu nam zã kple keli, evɔ amewo le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be, “Afi ka wò Mawu la le?”
My tears have been my food day and night, While they say to me continually, “Where is thy God?”
4 Nu siawo dzi meɖo ŋkue esi meyi ɖokuinye me. Tsã la, nyee kplɔa amehawo; menɔa ŋgɔ kplɔa wo yina ɖe gbedoxɔ me, eye dzidzɔɣli kple kafukafuhawo dea dzi le ŋkekenyuiɖulawo dome kɔtɔɔ.
When I think of it, I pour out my soul in grief; How I once walked with the multitude, Walked slowly with them to the house of God, Amid sounds of joy and praise with the festive multitude!
5 O! Nye luʋɔ, nu ka ŋuti nèle nu xam? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.
Why art thou cast down, O my soul? And why art thou disquieted within me? Hope thou in God; for I shall yet praise him, Him, my deliverer and my God!
6 Nye luʋɔ le nu xam le menye, eya ta maɖo ŋku dziwò le Yɔdanyigba dzi, le Hermon tame ke kple Mizar to dzi.
My soul is cast down within me, While I remember thee from the land of Jordan and Hermon, From the mountain Mizar.
7 Tɔ goglo yɔa tɔ goglo le wò tsitsetsewo ƒe howɔwɔ me; wò tsitsotsoewo kple tsi kpakawo ŋe tsyiɔ dzinye.
Deep calleth for deep at the noise of thy waterfalls; All thy waves and billows have gone over me!
8 Le ŋkeke me la, Yehowa ɖoa eƒe lɔlɔ̃ ɖem, le zã me la eƒe ha nɔa nunyeme, eye wònyea gbedodoɖa na nye agbe ƒe Mawu la.
Once the LORD commanded his kindness by day, And by night his praise was with me, -Thanksgiving to the God of my life.
9 Megblɔ na Mawu, nye Agakpe la be, “Nu ka ta nèŋlɔm be ɖo? Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo?”
Now I say to God, my rock, Why hast thou forgotten me? Why go I mourning on account of the oppression of the enemy?
10 Nye ƒuwo le veve sem, eye nye ketɔwo le alɔme ɖem le ŋunye, le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be, “Afi ka wò Mawu la le?”
Like the crushing of my bones are the reproaches of the enemy, While they say to me continually, “Where is thy God?”
11 O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.
Why art thou cast down, O my soul? And why art thou disquieted within me? Hope thou in God; for I shall yet praise him, Him, my deliverer and my God!

< Psalmowo 42 >