< Psalmowo 40 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Mele mɔ kpɔm na Yehowa le dzigbɔɖi blibo me; etrɔ ɖe ŋutinye, eye wòse nye ɣlidodo.
למנצח לדוד מזמור קוה קויתי יהוה ויט אלי וישמע שועתי׃
2 Ehem do goe tso ʋe dziŋɔ me, eye wòɖem tso ba finyafinya me, hetsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi, eye wòna meli ke ɖe afi si metɔ ɖo.
ויעלני מבור שאון מטיט היון ויקם על סלע רגלי כונן אשרי׃
3 Etsɔ ha yeye de nunye si nye kafukafuha na míaƒe Mawu la. Ame geɖewo akpɔe, woavɔ̃e, eye woaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.
ויתן בפי שיר חדש תהלה לאלהינו יראו רבים וייראו ויבטחו ביהוה׃
4 Woayra ame si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu, ame si mekpɔa dadalawo ƒe asinu, alo kplɔa ame siwo dze alakpalegbawo yome o.
אשרי הגבר אשר שם יהוה מבטחו ולא פנה אל רהבים ושטי כזב׃
5 O! Yehowa, nye Mawu, wò nukunu siwo nèwɔ la sɔ gbɔ loo! Ɖoɖo geɖe siwo nèwɔ ɖe mía ŋu la, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo afia wò o. Ne ɖe wòanye be maƒo nu le wo ŋu, eye maxlẽ wo afia la, nyemate ŋui o, elabena wosɔ gbɔ akpa.
רבות עשית אתה יהוה אלהי נפלאתיך ומחשבתיך אלינו אין ערך אליך אגידה ואדברה עצמו מספר׃
6 Mèdi vɔsa kple nunana, alo bia numevɔsa kple akpedavɔsa o, ke boŋ èʋu nye towo be mase wò gbe,
זבח ומנחה לא חפצת אזנים כרית לי עולה וחטאה לא שאלת׃
7 eya ta meɖo ŋu be, “Nyee nye si meva; agbalẽ mee woŋlɔe ɖo tso ŋutinye.
אז אמרתי הנה באתי במגלת ספר כתוב עלי׃
8 Medi be mawɔ wò lɔlɔ̃nu, O! Nye Mawu, woŋlɔ wò se la ɖe nye dzi me.”
לעשות רצונך אלהי חפצתי ותורתך בתוך מעי׃
9 O! Yehowa, meɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye le ameha gã la dome, eye abe ale si nènya ene la, nyememia nye nu o.
בשרתי צדק בקהל רב הנה שפתי לא אכלא יהוה אתה ידעת׃
10 Nyemeɣla wò dzɔdzɔenyenye ɖe nye dzi me o, ke boŋ meƒo nu le wò nuteƒewɔwɔ kple ɖeɖe ŋuti. Nyemeɣla wò lɔlɔ̃ kple wò nyateƒe la ɖe ameha gã la o.
צדקתך לא כסיתי בתוך לבי אמונתך ותשועתך אמרתי לא כחדתי חסדך ואמתך לקהל רב׃
11 O! Yehowa, mègate wo nublanuikpɔkpɔ o, ke boŋ na be wò lɔlɔ̃ kple wò nyateƒe nakpɔ tanye ɖaa,
אתה יהוה לא תכלא רחמיך ממני חסדך ואמתך תמיד יצרוני׃
12 elabena fukpekpe siwo mele xexlẽ o la ɖe to ɖem, nye nu vɔ̃wo wu tsɔtsɔ nam eye nyemegate ŋu le nu kpɔm o. Wosɔ gbɔ wu nye taɖa, eye dzi ɖe le ƒonye.
כי אפפו עלי רעות עד אין מספר השיגוני עונתי ולא יכלתי לראות עצמו משערות ראשי ולבי עזבני׃
13 O! Yehowa, nedze ŋuwò be nàɖem; O! Yehowa, va kaba nàɖem.
רצה יהוה להצילני יהוה לעזרתי חושה׃
14 Ŋu nekpe ame siwo katã le nye agbe dim ne woaɖe ɖa la; woƒe mo netsi dãa, eye ame siwo katã le nye gbegblẽ dim la negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.
יבשו ויחפרו יחד מבקשי נפשי לספותה יסגו אחור ויכלמו חפצי רעתי׃
15 Ame siwo le gbɔgblɔm ɖe ŋunye be, “Ehɛ̃! Ehɛ̃!” la ƒe ŋukpe newɔ moya na wo.
ישמו על עקב בשתם האמרים לי האח האח׃
16 Ke ame siwo katã dia wò la akpɔ dzidzɔ, eye woatso aseye akpɔ dzidzɔ le mewò. Ame siwo lɔ̃a wò ɖeɖe la negblɔ ɖaa be, “Mido Yehowa ɖe dzi!”
ישישו וישמחו בך כל מבקשיך יאמרו תמיד יגדל יהוה אהבי תשועתך׃
17 Ke nye la, meda ahe, eye hiã le tu yem, O! Aƒetɔ, ɖo ŋku dzinye. O! Nye Mawu, wòe nye nye kpeɖeŋutɔ kple nye xɔname, mègahe ɖe megbe o.
ואני עני ואביון אדני יחשב לי עזרתי ומפלטי אתה אלהי אל תאחר׃

< Psalmowo 40 >