< Psalmowo 4 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. Nye Mawu dzɔdzɔetɔ, tɔ nam ne meyɔ wò. Na gbɔdzɔem le nye xaxa me; kpɔ nye nublanui, eye nàse nye gbedodoɖa.
詩歌,交與樂官,和以絃樂。 我公義的天主!我一呼求你,你就應允了我,我在困苦中,你曾舒暢了我。求你憐憫我,求你俯聽我禱。
2 O! Amegbetɔviwo, va se ɖe ɣe ka ɣie miaɖi gbɔ̃ nye ŋutikɔkɔe? Va se ɣe ka ɣie mialɔ̃ beble, ahadze aʋatsomawuwo yome? (Sela)
顯貴的人們,你們的心要硬到幾時?你們愛慕虛幻,追求虛偽究竟為何?
3 Minyae be Yehowa tia mawuvɔ̃lawo na eɖokui, eya ta Yehowa asee, ne meyɔe.
你們當知:上主特愛對祂虔敬的人,當我呼求上主的時候,祂一定俯允。
4 Migawɔ nu vɔ̃ ne dzi ku mi o; ne miele miaƒe abawo dzi la, midzro miaƒe dziwo me, eye mizi ɖoɖoe. (Sela)
你們應戰慄,不可一再作惡,在床上檢討,且要捫心思過。
5 Misa vɔ siwo le dzɔdzɔe, eye miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.
奉上正義的祭獻,對上主全心依盼。
6 Ame geɖewo le biabiam be, “Ame kae afia nu nyui aɖe mí?” Na wò mo ƒe kekeli naklẽ ɖe mía dzi, O! Yehowa.
有許多人說:誰能使我們幸福亨通?上主,望你向我們顯你光榮的儀容。
7 Ètsɔ dzidzɔ gã aɖe yɔ nye dzi me wu ame siwo bli kple wain yeye do agbogbo na.
你賜給我心中的歡耀,遠勝過麥和酒的豐饒。
8 Mamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le ŋutifafa me, elabena wò, Yehowa, koe na mele dedie.
在平安中我一躺下即刻入睡,上主,唯有有你能使我安居順遂。

< Psalmowo 4 >