< Psalmowo 38 >
1 David ƒe ha. Kukuɖeɖe. O! Yehowa, mègaka mo nam le wò dziku me, alo ahe to nam le wò dɔmedzoe helĩhelĩ me o,
ヱホバよねがはくは忿恚をもて我をせめ はげしき怒をもて我をこらしめ給ふなかれ
2 elabena wò aŋutrɔwo ƒo ɖem, eye wò asi sẽ ɖe dzinye.
なんぢの矢われにあたり なんぢの手わがうへを壓へたり
3 Wò dziku helĩhelĩ la wɔe be ŋusẽ aɖeke megale menye o; nye ƒuwo tugu le nye nu vɔ̃ ta.
なんぢの怒によりてわが肉には全きところなく わが罪によりてわが骨には健かなるところなし
4 Nye dzidada kɔ gbɔ tanye abe agba kpekpe si nyemate ŋu atsɔ o la ene.
わが不義は首をすぎてたかく重荷のごとく負がたければなり
5 Nye abiwo ƒaƒã hele ʋeʋẽm le nye bometsitsi ƒe nu vɔ̃ ta.
われ愚なるによりてわが傷あしき臭をはなちて腐れただれたり
6 Wobɔbɔm ɖe anyi, eye woɖi gbɔ̃m, eye ŋkeke blibo la, mele yiyim le nuxaxa me.
われ折屈みていたくなげきうなたれたり われ終日かなしみありく
7 Vevesese manyagblɔ aɖe xɔ nye ame blibo la me, eye ŋusẽ aɖeke megale nye ameti blibo la ŋu o.
わが腰はことごとく燒るがごとく肉に全きところなければなり
8 Megbɔdzɔ, hegba gudugudu, eye mele ŋeŋem le nye dzi ƒe vevesese ta.
我おとろへはて甚くきずつけられわが心のやすからざるによりて欷歔さけべり
9 O! Aƒetɔ, nye dzimedidiwo katã le ŋkuwò me, eye nye hũɖeɖewo meɣla ɖe wò o.
ああ主よわがすべての願望はなんぢの前にあり わが嘆息はなんぢに隠るることなし
10 Nye dzi le tsotsom kpokpokpo, ŋusẽ vɔ le ŋunye, eye nyemegate ŋu le nu kpɔm o.
わが胸をどりわが力おとろへ わが眼のひかりも亦われをはなれたり
11 Le nye abiawo ta, xɔ̃nyewo kple nye zɔhɛwo ƒo asa nam, eye nye aƒelikawo hã le adzɔge nam.
わが友わが親めるものはわが痍をみて遥にたち わが隣もまた遠かりてたてり
12 Ame siwo le nye agbe yome tim la tre mɔ nam, ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la le nu ƒom tso nye gbegblẽ ŋuti; ŋkeke blibo la wole ɖoɖo wɔm ɖe alakpadada ŋu.
わが生命をたづぬるものは羂をまうけ我をそこなはんとするものは惡言をいひ また終日たばかりを謀る
13 Mele abe tokunɔ si mate ŋu ase nu o la ene, eye mele abe aɖetututɔ si mate ŋu aƒo nu o la ene.
然はあれどわれは聾者のごとくきかず われは口をひらかぬ唖者のごとし
14 Mele abe ame si mesea nu o la ene kple ame si mate ŋu atsɔ eƒe nu aɖo nya aɖeke ŋu o la ene.
如此われはきかざる人のごとく口にことあげせぬ人のごときなり
15 O! Yehowa, mele asiwò nu kpɔm, O! Aƒetɔ, nye Mawu, atɔ nam godoo.
ヱホバよ我なんぢを俟望めり 主わが神よなんぢかならず答へたまふべければなり
16 Elabena megblɔ be, “Mègana be woakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe ŋutinye, alo woado wo ɖokui ɖe dzi ɖe ŋutinye ne nye afɔ ɖiɖi o.”
われ曩にいふ おそらくはかれらわが事によりて喜び わが足のすべらんとき我にむかひて誇りかにたかぶらんと
17 Esusɔ vie ko madze anyi, eye nye vevesese la le edzi ɖaa.
われ仆るるばかりになりぬ わが悲哀はたえずわが前にあり
18 Meʋu nye dzidada me, eye nye nu vɔ̃ ɖe fu nam.
そは我みづから不義をいひあらはし わが罪のためにかなしめばなり
19 Ame geɖewoe nye nye futɔ gãwo, eye ame siwo lé fum susumanɔmetɔe la sɔ gbɔ ŋutɔ.
わが仇はいきはたらきてたけく故なくして我をうらむるものおほし
20 Ame siwo tsɔ vɔ̃ ɖo nyui siwo mewɔ teƒe la ƒo ɖi nye ŋkɔ, esi meti nu si nyo la yome.
惡をもて善にむくゆるものはわれ善事にしたがふが故にわが仇となれり
21 O! Yehowa, mègagblẽm ɖi o, O! Nye Mawu, mèganɔ adzɔge nam o.
ヱホバよねがはくは我をはなれたたまふなかれ わが神よわれに遠かりたまふなかれ
22 Va kaba, nàɖem, O! Aƒetɔ, nye Ɖela.
主わがすくひよ速きたりて我をたすけたまへ