< Psalmowo 37 >

1 David ƒe ha. Mègadzo nyanyanya le ame vɔ̃ɖiwo ta, alo aʋã ŋu nu tovo wɔlawo o
[A Psalm] of David. Fret not thyself because of evil-doers, and be not envious of them that work unrighteousness;
2 elabena esusɔ vie woayrɔ abe gbe ene, eye abe gbe mumu ene la, woaku wo atsɔ aƒu gbe.
for they shall soon be cut down like the grass, and fade as the green herb.
3 Ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye nàwɔ nyui; nɔ anyigba la dzi, eye nàɖu eƒe nu nyuiwo le dziɖeɖi me.
Confide in Jehovah, and do good; dwell in the land, and feed on faithfulness;
4 Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò ekema ana nu siwo wò dzi di la wò.
and delight thyself in Jehovah, and he will give thee the desires of thy heart.
5 Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa ƒe asi me; ɖo dzi ɖe eŋu, eye awɔ esia na wò.
Commit thy way unto Jehovah, and rely upon him: he will bring [it] to pass;
6 Ana wò dzɔdzɔenyenye nàdze abe ŋdikekeli ene, eye wò dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ abe ŋdɔkutsuɣe ene.
and he will bring forth thy righteousness as the light, and thy judgment as the noonday.
7 Zi kpoo le Yehowa ŋkume, eye nànɔ eƒe asinu kpɔm le dzigbɔɖi me. Ne amewo ƒe mɔwo dze edzi na wo, eye wote ŋu wɔ nu vɔ̃ɖi siwo woɖo la, mègavɔ̃ nàdzo nyanyanya o.
Rest in Jehovah, and wait patiently for him: fret not thyself because of him that prospereth in his way, because of the man that bringeth mischievous devices to pass.
8 Ɖe asi le dziku ŋu, eye nàtrɔ megbe de wò dɔmedzoe, ŋɔ megadzi wò o, elabena nu vɔ̃ɖi me ko wòakplɔ wò ayii.
Cease from anger, and forsake wrath; fret not thyself: it [would be] only to do evil.
9 Woatsrɔ̃ ame vlowo gake ame siwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ de Yehowa me la, anyi anyigba la ƒe dome.
For evil-doers shall be cut off; but those that wait on Jehovah, they shall possess the land.
10 Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, togbɔ be àdi wo hã la, màkpɔ wo o.
For yet a little while, and the wicked is not; and thou considerest his place, but he is not.
11 Ke ame fafawo anyi anyigba la ƒe dome, eye dzi adzɔ wo le ŋutifafa gbogbo la ta.
But the meek shall possess the land, and shall delight themselves in the abundance of prosperity.
12 Ame vɔ̃ɖiwo ɖo nugbe ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu heɖu aɖukli ɖe wo ŋuti.
The wicked plotteth against the righteous, and gnasheth his teeth against him.
13 Ke Aƒetɔ la le ame vɔ̃ɖiwo kom, elabena enya be woƒe ŋkeke la gbɔna.
The Lord laugheth at him; for he seeth that his day is coming.
14 Ame vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe yi, eye wohe woƒe dati me be woada hiãtɔ kple ame dahe aƒu anyi, eye woawu ame siwo ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka.
The wicked have drawn out the sword, and have bent their bow, to cast down the afflicted and needy, to slay those that are upright in [the] way:
15 Gake woƒe yiwo aŋɔ woawo ŋutɔ ƒe dziwo, eye woƒe datiwo aŋe.
their sword shall enter into their own heart, and their bows shall be broken.
16 Nu ʋɛ si le ame dzɔdzɔewo si la nyo wu kesinɔnu gbogbo siwo le ame vɔ̃ɖiwo si,
The little that the righteous hath is better than the abundance of many wicked;
17 elabena woaŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋusẽ, ke Yehowa alé ame dzɔdzɔewo ɖe te.
for the arms of the wicked shall be broken, but Jehovah upholdeth the righteous.
18 Ame siwo ŋuti fɔɖiɖi mele o la ƒe ŋkekewo le nyanya na Yehowa, eye woƒe domenyinu anɔ anyi tegbetegbe.
Jehovah knoweth the days of the perfect; and their inheritance shall be for ever:
19 Le ŋkeke vɔ̃wo dzi la, womalũ xɛ o; le dɔŋɔli la, nuɖuɖu ado agbogbo na woawo ya.
they shall not be ashamed in the time of evil, and in the days of famine they shall be satisfied.
20 Ke ame vɔ̃ɖi ya atsrɔ̃. Yehowa ƒe futɔwo anɔ abe gbe ƒe seƒoƒo ene, woanya kpɔ nyuie, gake wo nu ava yi, woabu abe dzudzɔ ene.
For the wicked shall perish, and the enemies of Jehovah shall be as the fat of lambs: they shall consume, like smoke shall they consume away.
21 Ame vɔ̃ɖi doa nugbana, eye mexea fea o, ke ame dzɔdzɔe ya naa nu faa.
The wicked borroweth, and payeth not again; but the righteous is gracious and giveth:
22 Ame siwo Yehowa yra la anyi anyigba la ƒe dome, ke ame siwo wòƒo fi de la, woaɖe wo ɖa.
for those blessed of him shall possess the land, and they that are cursed of him shall be cut off.
23 Ŋutsu si ƒe mɔwo dze Yehowa ŋu la, elia ke eƒe afɔɖeɖewo;
The steps of a man are established by Jehovah, and he delighteth in his way:
24 ne ekli nu hã la, madze anyi o elabena Yehowa tsɔ eƒe asi lée ɖe te.
though he fall, he shall not be utterly cast down, for Jehovah upholdeth his hand.
25 Tsã la, menye ɖevi, ke azɔ la metsi, gake womegble ame dzɔdzɔe aɖeke ɖi mekpɔ kpɔ loo, alo wo viwo nabia abolo hafi aɖu o.
I have been young, and now am old, and I have not seen the righteous forsaken, nor his seed seeking bread:
26 Woawo boŋ vea ame nu ɣe sia ɣi, eye wodoa nugbana na amewo faa; eya ta wo viwo axɔ yayra.
all the day he is gracious and lendeth, and his seed shall be a blessing.
27 Tsri nu vɔ̃ɖi, eye nàwɔ nyui ekema ànɔ anyigba dzi tegbetegbe.
Depart from evil, and do good, and dwell for evermore;
28 Elabena Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔlawo, eye magblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi o. Akpɔ wo ta tegbee, ke ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzimeviwo ya woatsrɔ̃ wo.
for Jehovah loveth judgment, and will not forsake his saints: They are preserved for ever; but the seed of the wicked shall be cut off.
29 Ame dzɔdzɔe anyi anyigba la ƒe dome, eye wòanɔ edzi tegbee.
The righteous shall possess the land, and dwell therein for ever.
30 Nunyanya doa go tso ame dzɔdzɔe ƒe nu me, eye eƒe aɖe gblɔa nu si le eteƒe.
The mouth of the righteous proffereth wisdom, and his tongue speaketh judgment;
31 Eƒe Mawu ƒe se le eƒe dzi me, eya ta eƒe afɔ meɖiɖina o.
the law of his God is in his heart; his goings shall not slide.
32 Ame vɔ̃ɖiwo de xa ɖi na ame dzɔdzɔewo, eye wole woƒe ku dim;
The wicked watcheth the righteous, and seeketh to slay him:
33 gake Yehowa matsɔ wo agblẽ ɖe woƒe ŋusẽ te, alo wòaɖe mɔ be, woabu fɔ wo ne wokplɔ wo va ʋɔnui o.
Jehovah will not leave him in his hand, nor condemn him when he is judged.
34 Lala nàkpɔ Yehowa ƒe asinu, eye nàlé eƒe mɔ ɖe asi. Ado wò ɖe dzi be nànyi anyigba la ƒe dome. Ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.
Wait for Jehovah, and keep his way, and he will exalt thee to possess the land: when the wicked are cut off, thou shalt see [it].
35 Mekpɔ ame vɔ̃ɖi, ŋutasẽla aɖe wòda ama nyuie abe ati dama si dzɔ kple anyigba la ene.
I have seen the wicked in great power, and spreading like a green tree in its native soil:
36 Gake eteƒe medidi o ko, enu va yi, eye megali o; togbɔ be medii hã la, nyemeke ɖe eŋuti o.
but he passed away, and behold, he was not; and I sought him, but he was not found.
37 Bu ame maɖifɔ la ŋu, eye nàlé ŋku ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu, elabena ŋgɔgbe li na ŋutifafamewo katã.
Mark the perfect, and behold the upright, for the end of [that] man is peace;
38 Ke woatsrɔ̃ nu vɔ̃ wɔlawo katã, eye woaɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa.
but the transgressors shall be destroyed together; the future of the wicked shall be cut off.
39 Ame dzɔdzɔewo ƒe xɔxɔ atso Yehowa gbɔ, eye eyae nye woƒe mɔ sesẽ le xaxaɣeyiɣiwo me.
But the salvation of the righteous is of Jehovah: he is their strength in the time of trouble.
40 Ke Yehowa kpena ɖe wo ŋu, eye wòɖea wo tso dzɔgbevɔ̃e me; eɖea wo tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, eye wòkpena ɖe wo ŋu, elabena eyae wosi tso.
And Jehovah will help them and deliver them: he will deliver them from the wicked, and save them; for they trust in him.

< Psalmowo 37 >