< Psalmowo 36 >

1 David, Yehowa ƒe dɔla, ƒe ha na hɛnɔ la. Yehowa ƒe gbedeasi aɖe le nye dzi me tso ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋuti. Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele woƒe ŋkuwo me o.
耶和華的僕人大衛的詩,交與伶長。 惡人的罪過在他心裏說: 我眼中不怕上帝!
2 Elabena le eya ŋutɔ ŋkume, wòvivi nu me na eɖokui ale gbegbe be mete ŋu kpɔ eƒe nu vɔ̃ dze sii alo wòagbe nu le egbɔ o.
他自誇自媚, 以為他的罪孽終不顯露,不被恨惡。
3 Eƒe numenyawo vɔ̃ɖi, henye beble sɔŋ, eye wòdzudzɔ nuwɔwɔ ɖe nunya me kple nu nyui wɔwɔ.
他口中的言語盡是罪孽詭詐; 他與智慧善行已經斷絕。
4 Eɖoa nu vɔ̃ɖi le eƒe aba dzi, etsɔa eɖokui dea asi na nu si nye vɔ̃, eye megbea nu si nye nu gbegblẽ o.
他在床上圖謀罪孽, 定意行不善的道,不憎惡惡事。
5 O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ kɔ ɖatɔ dziƒowo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ tɔ dziŋgɔli ke.
耶和華啊,你的慈愛上及諸天; 你的信實達到穹蒼。
6 Wò dzɔdzɔenyenye le abe to gãwo ene, eye wò afiatsotso le abe tɔ goglo ene. O! Yehowa, èkpɔa amegbetɔwo kple lãwo siaa ta.
你的公義好像高山; 你的判斷如同深淵。 耶和華啊,人民、牲畜,你都救護。
7 Wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la xɔ asi loo! Ame siwo ŋuti bubu le kple ame siwo ŋuti mele o, le amegbetɔviwo dome siaa kpɔa sitsoƒe le wò aʋala ƒe vɔvɔli te.
上帝啊,你的慈愛何其寶貴! 世人投靠在你翅膀的蔭下。
8 Wò aƒemenu gbogboawo nye nuɖuɖu na wo, eye nènaa tsi wo wonona tso wò dzidzɔtɔsisi la me.
他們必因你殿裏的肥甘得以飽足; 你也必叫他們喝你樂河的水。
9 Elabena gbɔwòe agbe ƒe tsitsetse la le, eye wò kekeli mee míekpɔa kekeli le.
因為,在你那裏有生命的源頭; 在你的光中,我們必得見光。
10 Yi edzi nàɖe wò lɔlɔ̃ afia ame siwo nya wò, eye nàɖe wò dzɔdzɔenyenye afia ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka.
願你常施慈愛給認識你的人, 常以公義待心裏正直的人。
11 Dadalawo megaɖo afɔ dzinye, alo ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi nanyam o.
不容驕傲人的腳踐踏我; 不容凶惡人的手趕逐我。
12 Kpɔ ale si nu vɔ̃ɖi wɔlawo dze anyi ɖe anyigbae ɖa; wotutu wo ƒu anyi, eye womete ŋu fɔ o!
在那裏,作孽的人已經仆倒; 他們被推倒,不能再起來。

< Psalmowo 36 >