< Psalmowo 35 >

1 David ƒe ha. O! Yehowa, wɔ avu kple ame siwo le avu wɔm kplim; wɔ aʋa kple ame siwo le aʋa wɔm kplim.
“Of David.” Contend, O Lord, with those that contend with me: fight against those that fight against me.
2 Tso, tsɔ akpoxɔnu kple wò akɔtatsyɔnu, eye nàxɔ nam.
Take hold of shield and buckler, and rise up for my help.
3 Tsɔ akplɔ nueveetɔ kple nuɖekɛtɔ ɖe yonyemetilawo ŋuti. Gblɔ na nye luʋɔ be, “Nyee nye wò xɔname.”
And draw out the spear, and step in against my pursuers; say unto my soul, I am thy salvation.
4 Ame siwo le nye agbe yome tim la, ŋukpe kple vlododo nelé wo, eye ame siwo le nugbe ɖom ɖe nye gbegblẽ ŋu la, gbegblẽ netrɔ va woawo ŋutɔ dzi.
Let those be put to shame and be confounded that seek after my life: let those be turned backward and be made to blush, that devise unhappiness for me.
5 Wonenɔ abe bli ƒe atsa si ya lɔ ɖe nu ene, eye Yehowa ƒe dɔla nenya wo ɖe du nu;
Let them be as chaff before the wind; and may the angel of the Lord cast them forth.
6 woƒe mɔ dzi nedo viviti, ahanɔ ɖiɖim, eye Yehowa ƒe dɔla neti wo yome.
May their way be dark and slippery: and may the angel of the Lord pursue them.
7 Esi nyemewɔ naneke wo o, gake woɖo ɖɔ ɖi nam, eye woɖe ʋe ɖi nam ta la,
For without cause have they hidden for me their net in a pit, without cause have they dug [pit-falls] against my life.
8 gbegblẽ neƒo ɖe wo dzi kpoyi, ɖɔ si woɖo nam la neɖe woawo ŋutɔ, eye woage dze ʋe si woɖe ɖi nam la me aƒaƒã ɖe afi ma.
May then destruction come upon each of them at unawares; and may his net that he hath hidden catch himself: in [utter] destruction let him fall therein.
9 Ekema nye luʋɔ atso aseye le Yehowa me, eye wòadzɔ dzi le eƒe xɔname ŋuti.
But my soul shall exult in the Lord: she shall be glad through his salvation.
10 Nye ameti blibo la katã mado ɣli be, “O! Yehowa, ame kae sɔ kpli wò? Wò ame si ɖe ame beliwo tso ame siwo sesẽ wu wo la ƒe asi me, eye nèɖe hiãtɔwo kple ame dahewo tso ame siwo ha wo la ƒe asi me.”
All my bones will say, Lord, who is like unto thee, who deliverest the poor from him that is too strong for him, yea, the poor and the needy from him that robbeth him?
11 Ɖasefo ŋutasẽlawo zɔ va ŋgɔgbe, eye wobia biabiam tso nu siwo ŋuti nyemenya naneke le o.
There rise up witnesses of violence; concerning what I know not they question me.
12 Wotsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nam, eye wogble nye luʋɔ ɖe nuxaxa me.
They recompense me with evil in place of good, [bringing] bereavement on my soul.
13 Gake ne wodze dɔ la, metaa akpanya, eye metsɔa nutsitsidɔ bɔbɔa ɖokuinyee. Ne womeɖo nye gbedodoɖa ŋuti nam o la,
But as for me, when they were sick, my clothing was sackcloth: I afflicted with fasting my soul, and my prayer returned into my own bosom.
14 menɔa yiyim kpokpokpo le nuxaxa me abe xɔ̃nye alo nɔviŋutsu fam mele ene. Medea mo to abe danye ƒe ku fam mele ene.
As though he had been to me a friend or a brother did I walk about: as one that mourneth for a mother did I sorrowfully bend down my head.
15 Gake ne mekli nu la, woƒoa ƒu koa nu hahaha, eye ne mele vo me la, futɔwo va ɖea to ɖem. Woɖea alɔme le ŋunye madzudzɔmadzudzɔe.
But in my downfall they rejoiced, and gathered themselves together; there gathered themselves together against me abject wretches, whom I knew not; they did tear me, and ceased not:
16 Woɖua fewu le ŋunye vevesesetɔe, eye woɖua aɖukli ɖe ŋunye abe mawumavɔ̃lawo ene.
With hypocritical babbling mockers, they gnashed upon me with their teeth.
17 O! Aƒetɔ, va se ɖe ɣe ka ɣi nànɔ te akpɔ wo ase ɖo? Ɖe nye agbe tso woƒe nu gbegblẽwo me, ɖe nye agbe xɔasi tso dzata siawo ƒe asi me.
O Lord, how long wilt thou look on? rescue my soul from their destructions, from the young lions my solitary spirit.
18 Ekema mada akpe na wò le ameha gã la dome, eye makafu wò le ame gbogbowo dome.
I will thank thee in the great assembly: among a mighty people will I praise thee.
19 Mègana ame siwo nye nye futɔwo la nakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe ŋunye yakatɔe o, eye mègana ame siwo lé fum susumanɔmetɔe la nate ŋku ɖem kple vevesese o.
Let not rejoice over me those that are my enemies wrongfully: [nor] let those who hate me without cause wink with the eye.
20 Womeƒoa nu ŋutifafatɔe o, ke boŋ woɖoa alakpa ƒe amenutsonyawo ɖi ɖe ame siwo le anyigba dzi kpoo la ŋuti.
For they speak not peace; but against the quiet in the land they devise deceitful words.
21 Wokea woƒe nu baa ɖe ŋutinye hegblɔna be, “Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃! Míawo ŋutɔ míekpɔe kple míaƒe ŋkuwo.”
Yea, they opened wide against me their mouth; they said, Aha, aha, our eye hath seen it.
22 O! Yehowa, èkpɔ esia, eya ta mègazi ɖoɖoe o. O! Aƒetɔ, mèganɔ adzɔge nam o.
Thou hast seen it, O Lord! remain not silent: O Lord, be not far from me.
23 Nyɔ, tso nàʋli tanye! Wɔ avu ɖe nunye, nye Mawu kple nye Aƒetɔ.
Arouse thyself, and awake to do me justice, my God and my Lord, unto my cause.
24 Tso afia nam le wò dzɔdzɔenyenye la ta, O! Yehowa, nye Mawu, mègana woakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe ŋutinye o.
Judge me according to thy righteousness, O Lord my God; and let them not rejoice over me.
25 Mègana woabu be, “Ɛhɛ̃, esia tututu dim míele” o. Alo agblɔ be, “Míemii agbagbee” o.
Let them not say in their heart, Aha, [this is the wish of] our soul: let them not say, We have swallowed him up.
26 Ame siwo katã le dzidzɔ kpɔm tso nye xaxa ŋuti la, ŋukpe nelé wo, eye woatɔtɔ; na be ame siwo kɔ wo ɖokuiwo dzi ɖe ŋutinye la nata ŋukpe kple vlododo abe avɔ ene.
Let those be made ashamed and put to the blush together that rejoice at my mishap; let them be clothed with shame and confusion that magnify themselves above me.
27 Ke ame siwo dzɔ dzi be nètso afia nam la nedo dzidzɔɣli kple aseyetsoɣli. Wonenɔ gbɔgblɔm ɖaa be, “Woado Yehowa, ame si dzɔa dzi le eƒe dɔla ƒe dedinɔnɔ ŋu la ɖe dzi.”
Let those shout, and rejoice, that desire my righteousness: yea, let them say continually, Great is the Lord, who desireth the welfare of his servant.
28 Nye aɖe aƒo nu le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti, eye wòadzi wò kafukafuha ɖaa.
And my tongue shall speak of thy righteousness, all the day of thy praise.

< Psalmowo 35 >