< Psalmowo 34 >
1 David ƒe ha. Ekpa ha sia esime wòdo aɖaʋatɔ eɖokui le Abimelek ŋkume, eye wònyae wòdzo. Mado Yehowa ɖe dzi ɣe sia ɣi; eye eƒe kafukafu anɔ nye nu me ɖaa.
“By David, when he disguised his reason before Abimelech, who drove him away, and he departed.” I will bless the Lord at all times: continually shall his praise be in my mouth.
2 Nye luʋɔ aƒo adegbe le Yehowa me, ame siwo le veve sem la nesee ne woakpɔ dzidzɔ.
My soul shall make her boast in the Lord: the humble shall hear it, and be rejoiced.
3 Mido kɔkɔ Yehowa kplim; mina míawɔ ɖeka ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi.
Oh magnify the Lord with me, and let us exalt his name together.
4 Meyɔ Yehowa, eye wòtɔ nam heɖem tso nye vɔvɔ̃wo katã me.
I sought the Lord, and he answered me, and from all that I dreaded did he deliver me.
5 Ame siwo tsɔ woƒe ŋku da ɖe edzi la aklẽ, ŋukpe matsyɔ mo na wo o.
They [who] looked unto him, were indeed enlightened, and their faces were not put to the blush.
6 Hiãtɔ sia yɔe, eye Yehowa ɖo toe, heɖee le eƒe xaxawo katã me.
This poor man cried, and the Lord heard him, and out of all his distresses did he save him.
7 Yehowa ƒe dɔlawo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlã ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea wo.
The angel of the Lord encampeth round about those who fear him, and delivereth them.
8 Miɖɔe kpɔ, ne miakpɔe be Yehowa ƒe dɔ me nyo; woayra ŋutsu si be ɖe eya amea me.
Experience and see that the Lord is good: happy is the man that trusteth in him.
9 Mivɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, elabena naneke mehiãa ame siwo vɔ̃nɛ la o.
Oh fear the Lord, ye his saints: for there is no want to those who fear him.
10 Dɔ awu dzatawo, eye woagbɔdzɔ, gake ame siwo dia Yehowa ya la, kesinɔnu aɖeke mahiã wo o.
The young lions do lack, and suffer hunger; but those who seek the Lord shall not want any good.
11 Miva, vinyewo, miɖo tom, ne mafia Yehowavɔvɔ̃ mi.
Come, ye children, hearken unto me: the fear of the Lord will I teach you.
12 Mia dometɔ siwo lɔ̃ agbe, eye miedi be miakpɔ ŋkekenyui geɖewo la,
Who is the man that desireth life, loveth [many] days, that he may see happiness?
13 mikpɔ miaƒe aɖewo dzi nyuie tso vɔ̃ ŋuti, eye miaƒe nuyiwo tso aʋatsokaka ŋuti.
Guard thy tongue from evil, and thy lips from speaking deceit.
14 Mite ɖa le vɔ̃ gbɔ, eye miawɔ nu nyui, midi ŋutifafa, eye miati eyome.
Depart from evil, and do good; seek peace, and pursue it.
15 Yehowa ƒe ŋku le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu;
The eyes of the Lord are directed unto the righteous, and his ears unto their cry.
16 ke Yehowa klẽa ŋku ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo be wòaɖe wo ɖa le anyigba dzi, eye womagaɖo ŋku wo dzi akpɔ o.
[But] the anger of the Lord is against those that do evil, to cut off from the earth their remembrance.
17 Ame dzɔdzɔewo do ɣli, Yehowa see, eye wòɖe wo le woƒe xaxawo katã me.
Those cry, and the Lord heareth, and from all their distresses he delivereth them.
18 Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòɖea ame siwo ƒe gbɔgbɔ wogbã ƒu anyi.
The Lord is nigh unto those that are broken-hearted: and he saveth those that are of a contrite spirit.
19 Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ ŋutɔ, gake Yehowa ɖenɛ le wo katã me;
Many are the afflictions of the righteous; but out of them all the Lord ever delivereth him.
20 ekpɔa eƒe ƒuwo katã ta, eye womaŋe wo dometɔ aɖeke o.
He watcheth all his bones: not one of them is broken.
21 Dzɔgbevɔ̃e awu ame vɔ̃ɖi, eye woabu fɔ ame dzɔdzɔewo ƒe futɔwo.
The evil will slay the wicked: and they who hate the righteous shall incur guiltiness.
22 Yehowa ɖea eƒe dɔlawo, eye womabu fɔ ame siwo katã sinɛ tsona la o.
The Lord redeemeth the soul of his servants: and all that trust in him shall not incur guiltiness.