< Psalmowo 33 >
1 Midzi ha kple dzidzɔ na Yehowa, mi ame dzɔdzɔewo; edze mi ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka la be woakafui.
Rejoice in the LORD, O righteous ones; it is fitting for the upright to praise Him.
2 Mikafu Yehowa kple kasaŋkuwo, eye miƒo ha nɛ le ka ewo ƒe kasaŋku dzi.
Praise the LORD with the harp; make music to Him with ten strings.
3 Midzi ha yeye nɛ; miƒo ha nɛ kple ŋusẽ, eye míado dzidzɔɣli.
Sing to Him a new song; play skillfully with a shout of joy.
4 Elabena Yehowa ƒe nya nye nyateƒe, eye wòto mɔ ɖeka; etoa nyateƒe le nu siwo katã wòwɔna la me.
For the word of the LORD is upright, and all His work is trustworthy.
5 Yehowa lɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ; anyigba yɔ fũu kple eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o.
The LORD loves righteousness and justice; the earth is full of His loving devotion.
6 Yehowa ƒe nya wotsɔ wɔ dziƒowoe, eye eƒe numegbɔgbɔ wotsɔ wɔ wo ŋuti nuwoe.
By the word of the LORD the heavens were made, and all the stars by the breath of His mouth.
7 Eƒo atsiaƒumetsiwo nu ƒu ɖe kpluwo me, eye wòdzra tɔ goglowo ɖo ɖe nudzraɖoƒewo.
He piles up the waters of the sea; He puts the depths into storehouses.
8 Anyigba katã nevɔ̃ Yehowa, eye xexemetɔwo katã nede bubu eŋu.
Let all the earth fear the LORD; let all the people of the world revere Him.
9 Elabena eƒo nu, eye wòva dzɔ; eɖe gbe, eye wòli ke goŋgoŋgoŋ.
For He spoke, and it came to be; He commanded, and it stood firm.
10 Yehowa gblẽ dukɔwo ƒe adaŋudedewo me, eye wòtɔtɔ anyigbadzitɔwo ƒe ɖoɖowo.
The LORD frustrates the plans of the nations; He thwarts the devices of the peoples.
11 Ke Yehowa ya ƒe ɖoɖowo nɔa anyi maʋamaʋãe ɖikaa, eye eƒe dzimesusuwo li tso dzidzime yi dzidzime.
The counsel of the LORD stands forever, the purposes of His heart to all generations.
12 Woayra dukɔ si ƒe Mawue nye Yehowa, ame siwo wòtia be woanyi yeƒe dome.
Blessed is the nation whose God is the LORD, the people He has chosen as His inheritance!
13 Yehowa bi kɔ tso dziƒo ke, eye wòkpɔ amegbetɔviwo katã.
The LORD looks down from heaven; He sees all the sons of men.
14 Ele eƒe nɔƒe ke hekpɔ ame siwo katã le anyigba dzi,
From His dwelling place He gazes on all who inhabit the earth.
15 eya ame si wɔ ame sia ame ƒe dzi, eye wòléa ŋku ɖe nu sia nu si wowɔna la ŋu.
He shapes the hearts of each; He considers all their works.
16 Aʋakɔ gbogbo si le fia aɖe si la mate ŋu aɖee o, eye ŋusẽ triakɔ hã meɖea kalẽtɔ o.
No king is saved by his vast army; no warrior is delivered by his great strength.
17 Ne eɖo ɖeɖe dzi la, sɔ maɖe ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi o, togbɔ be ŋusẽ triakɔ le esi hã la, mate ŋu aɖee o.
A horse is a vain hope for salvation; even its great strength cannot save.
18 Ke Yehowa ƒe ŋku le ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi,
Surely the eyes of the LORD are on those who fear Him, on those whose hope is in His loving devotion
19 be wòaɖe wo tso ku ƒe asi me, eye wòana woatsi agbe le dɔŋɔli.
to deliver them from death and keep them alive in famine.
20 Míele lalam le mɔ kpɔm na Yehowa, eyae nye míaƒe xɔname kple akpoxɔnu.
Our soul waits for the LORD; He is our help and our shield.
21 Míaƒe dziwo le dzidzɔ kpɔm le eya amea me, elabena mieka ɖe eƒe ŋkɔ kɔkɔe la dzi.
For our hearts rejoice in Him, since we trust in His holy name.
22 O! Yehowa, na wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la, nanɔ mía dzi abe ale si míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe dziwò ene.
May Your loving devotion rest on us, O LORD, as we put our hope in You.