< Psalmowo 32 >
1 David ƒe nufiameha. Woayra ame si wotsɔ eƒe dzidadawo kee, eye wotsyɔ nu eƒe nu vɔ̃wo dzi.
Davut'un mezmuru - Maskil Ne mutlu isyanı bağışlanan, Günahı örtülen insana!
2 Woayra ŋutsu si Aƒetɔ la meɖe vodada na o, eye alakpa mele eƒe gbɔgbɔ me o.
Suçu RAB tarafından sayılmayan, Ruhunda hile bulunmayan insana ne mutlu!
3 Esi mezi ɖoɖoe la, nye ŋeŋe atraɖii ŋkeke blibo la katã na nye ƒuwo nyunyɔ.
Sustuğum sürece Kemiklerim eridi, Gün boyu inlemekten.
4 Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye zã kple keli katã, eye ŋusẽ vɔ le ŋunye abe dzomeŋɔli ƒe dzoxɔxɔ mee mele ene. (Sela)
Çünkü gece gündüz Elin üzerimde ağırlaştı. Dermanım tükendi yaz sıcağında gibi. (Sela)
5 Tete meɖe nye nu vɔ̃wo fia wò, eye nyemetsyɔ nu nye dzidadawo dzi o. Megblɔ be, “Maʋu nye dzidadawo me na Yehowa”, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒe yomedzenuwo kem. (Sela)
Günahımı açıkladım sana, Suçumu gizlemedim. “RAB'be isyanımı itiraf edeceğim” deyince, Günahımı, suçumu bağışladın. (Sela)
6 Mawumemewo katã nedo gbe ɖa na wò zi ale si nèli kpli wo, elabena enye nyateƒe be ne tɔsisi gãwo ɖɔ la, womade wo gbɔ o.
Bu nedenle her sadık kulun Ulaşılır olduğun zaman sana dua etsin. Engin sular taşsa bile ona erişemez.
7 Wòe nye nye bebeƒe, àɖem tso xaxa me, eye àtsɔ ɖeɖe ƒe aseyetsohawo aƒo xlãm. (Sela)
Sığınağım sensin, Beni sıkıntıdan korur, Çevremi kurtuluş ilahileriyle kuşatırsın. (Sela)
8 Mafia nu wò, eye mafia mɔ si nàto la wò. Maxlɔ̃ nu wò, eye makpɔ tawò.
Eğiteceğim seni, gideceğin yolu göstereceğim, Öğüt vereceğim sana, Gözüm sendedir.
9 Mèganɔ abe sɔ alo tedzisɔ siwo nunya mele tagbɔ na o la ene o, elabena ele be woade ka kple numega nu me na wo hafi amla wo, ne menye nenema o la, womate ŋu ate ɖe ŋuwò o.
At ya da katır gibi anlayışsız olmayın; Onları idare etmek için gem ve dizgin gerekir, Yoksa sana yaklaşmazlar.
10 Ame vɔ̃ɖiwo kpea fu geɖe, ke Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ƒoa xlã ame siwo ɖoa dzi ɖe eŋu la.
Kötülerin acısı çoktur, Ama RAB'be güvenenleri O'nun sevgisi kuşatır.
11 Mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye ɖe Yehowa ŋu, mi ame dzɔdzɔewo; midzi ha, mi ame siwo katã ƒe dzi le dzɔdzɔe!
Ey doğru insanlar, sevinç kaynağınız RAB olsun, coşun; Ey yüreği temiz olanlar, Hepiniz sevinç çığlıkları atın!