< Psalmowo 31 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Yehowa, mewòe mebe ɖo; mègana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o; ɖem le wò dzɔdzɔenyenye la ta.
伶長にうたはしめたるダビデのうた ヱホバよわれ汝によりたのむ 願くはいづれの日までも愧をおはしめたまふなかれ なんぢの義をもてわれを助けたまへ
2 Ƒu to anyi ɖe ŋunye, va kaba nàɖem, nànye nye xɔxɔ ƒe agakpe kple mɔ sesẽ ne nàɖem.
なんぢの耳をかたぶけて速かにわれをすくひたまへ 願くはわがためにかたき磐となり我をすくふ保障の家となりたまへ
3 Le wò ŋkɔ la ta, kplɔm, eye nàfia mɔm, elabena wòe nye nye agakpe kple mɔ sesẽ.
なんぢはわが磐わが城なり されば名のゆゑをもてわれを引われを導きたまへ
4 Ɖem le mɔ si woɖo ɖi nam la me, elabena wòe nye nye mɔ sesẽ.
なんぢ我をかれらが密かにまうけたる網よりひきいだしたまへ なんぢはわが保砦なり
5 Asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ de, eya ta Yehowa, nyateƒe ƒe Mawu, va nàɖem.
われ霊魂をなんぢの手にゆだぬ ヱホバまことの神よなんぢはわれを贖ひたまへり
6 Metsri ame siwo ku ɖe legba maɖinuwo ŋu; ke nye la meku ɖe Yehowa ŋu.
われはいつはりの虚きことに心をよする者をにくむ われは獨ヱホバによりたのむなり
7 Makpɔ dzidzɔ, eye matso aseye le wò lɔlɔ̃ la me, elabena èkpɔ nye hiã henya nye luʋɔ ƒe nuxaxa.
我はなんぢの憐憫をよろこびたのしまん なんぢわが艱難をかへりみ わがたましひの禍害をしり
8 Mètsɔm de asi na nye futɔ o, ke boŋ èɖo nye afɔ gbadzaƒe.
われを仇の手にとぢこめしめたまはず わが足をひろきところに立たまへばなり
9 O! Yehowa, kpɔ nublanui nam, elabena nye dzi ʋu dzo, nuxaxa na nye ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃ɔ, eye konyifafa na nye luʋɔ kple ŋutilã gbɔdzɔ.
われ迫りくるしめり ヱホバよ我をあはれみたまへ わが目はうれひによりておとろふ 霊魂も身もまた衰へぬ
10 Vevesese sɔŋ yɔ nye agbe me, eye ŋeŋe xɔ nye agbenɔƒewo me. Ŋusẽ vɔ le ŋunye le nye fukpekpewo ta, eye nye ƒuwo hã nyunyɔ ɖe lãme nam.
わが生命はかなしみによりて消えゆき わが年華はなげきによりて消ゆけばなり わが力はわが不義によりておとろへ わが骨はかれはてたり
11 Le nye futɔwo ƒe nuwɔnawo ta mezu alɔmeɖenu na nye aƒelikawo vevie ŋutɔ. Mezu ŋɔdzinu na xɔ̃nyewo, eye ame siwo do gom le mɔtata dzi la sina le nunye.
われもろもろの仇ゆゑにそしらる わが隣にはわけて甚だし相識ものには忌憚られ衢にてわれを見るもの避てのがる
12 Woŋlɔm be abe ɖe meku xoxo ene, ale mezu ze gbagbã.
われは死たるもののごとく忘られて人のこころに置れず われはやぶれたる器もののごとくなれり
13 Mese ame geɖewo ƒe ameŋugblẽnyawo; ŋɔdzi ɖe to ɖem, wode adaŋu tso ŋunye, eye woɖo nugbe be yewoaɖe nye agbe ɖa.
そは我おほくの人のそしりをきい到るところに懼あり かれら我にさからひて互にはかりしが わが生命をさへとらんと企てたり
14 Ke wò, Yehowa, dzie meka ɖo; megblɔ be, “Wòe nye nye Mawu.”
されどヱホバよわれ汝によりたのめり また汝はわが神なりといへり
15 Nye ɣeyiɣiwo le asiwò me; ɖem tso nye futɔwo kple ame siwo le yonyeme tim la ƒe asi me.
わが時はすべてなんぢの手にあり ねがはくはわれを仇の手よりたすけ われに追迫るものより助けいだしたまへ
16 Na wò mo naklẽ ɖe wò dɔla dzi, ɖem le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.
なんぢの僕のうへに聖顔をかがやかせ なんぢの仁慈をもて我をすくひたまヘ
17 O! Yehowa, mègana ŋu nakpem o, elabena wòe medo ɣli na; ke na ŋu nakpe ame vɔ̃ɖiwo, eye ɖoɖoe nazi le wo nu le yɔme. (Sheol h7585)
ヱホバよわれに愧をおはしめ給ふなかれ そは我なんぢをよべばなり 願くはあしきものに恥をうけしめ陰府にありて口をつぐましめ給へ (Sheol h7585)
18 De ga nu na woƒe alakpanuyiwo, elabena wotsɔa dada kple ɖekematsɔleme gblɔa nya vlo ɖe ame dzɔdzɔe ŋu.
傲慢と軽侮とをもて義きものにむかひ妄りにののしるいつはりの口唇をつぐましめたまへ
19 Wò nu nyui siwo nèdzra ɖo ɖi na ame siwo vɔ̃a wò la lolo ŋutɔ. Nu nyui siwo nèkɔ ɖe ame siwo si wò tso dzi le amewo ƒe ŋkume la lolo.
汝をおそるる者のためにたくはへ なんぢに依頼むもののために人の子のまへにてほどこしたまへる汝のいつくしみは大なるかな
20 Èɣla wo ɖe ɣaɣlaƒe si le gbɔwò, tso amewo ƒe ayemenuwo gbɔ. Èɣla wo ɖe nɔwòƒe be woanɔ dedie tso aɖeɖiƒoame gbɔ.
汝かれらを御前なるひそかなる所にかくして人の謀略よりまぬかれしめ また行宮のうちにひそませて舌のあらそひをさけしめたまはん
21 Woakafu Yehowa, elabena eɖe eƒe nukulɔlɔ̃ la fiam le esime mele du si ŋu woƒu kpo ɖo la me.
讃べきかなヱホバは堅固なる城のなかにて奇しまるるばかりの仁慈をわれに顕したまへり
22 Megblɔ le nye dzikatsoƒo me be: “Woɖem ɖa le wò ŋkume azɔ!” Ke hã la, èse nye nublanuiɣlidodo esi meyɔ wò be nàxɔ nam.
われ驚きあわてていへらく なんぢの目のまへより絶れたりと 然どわれ汝によびもとめしとき汝わがねがひの聲をききたまへり
23 Milɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo! Yehowa kpɔa nuteƒewɔlawo ta, ke eɖoa eteƒe na dadalawo wòsɔa gbɔ dea woƒe nuwɔnawo nu.
なんぢらもろもろの聖徒よヱホバをいつくしめ ヱホバは眞實あるものをまもり傲慢者におもく報をほどこしたまふ
24 Misẽ ŋu, eye milé dzi ɖe ƒo, mi ame siwo katã tsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ de Yehowa me.
すべてヱホバを侯望むものよ雄々しかれ なんぢら心をかたうせよ

< Psalmowo 31 >