< Psalmowo 30 >

1 David ƒe ha na gbedoxɔ la ŋutikɔkɔ. O! Yehowa, mado wò ɖe dzi, elabena wòe hem do goe tso ʋe globo me, eye mèna mezu nu ɖikokoe na nye futɔwo o.
殿をささぐるときに謳へるダビデのうた ヱホバよわれ汝をあがめん なんぢ我をおこしてわが仇のわがことによりて喜ぶをゆるし給はざればなり
2 O! Yehowa, nye Mawu, mebia kpekpeɖeŋu tso gbɔwò, eye nèyɔ dɔm.
わが神ヱホバよわれ汝によばはれば汝我をいやしたまへり
3 O! Yehowa, wòe ɖem tso tsiẽƒe, eye mèna meyi aʋlime o. (Sheol h7585)
ヱホバよ汝わがたましひを陰府よりあげ我をながらへしめて墓にくだらせたまはざりき (Sheol h7585)
4 Midzi ha na Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.
ヱホバの聖徒よ ヱホバをほめうたへ奉れ きよき名に感謝せよ
5 Elabena medoa dɔmedzoe eteƒe didina o, ke eƒe amenuveve ya nɔa anyi agbenɔɣi katã. Avifafa anɔ anyi le zã me, gake aseyetsotso ava le ŋdi me.
その怒はただしばしにてその恵はいのちとともにながし 夜はよもすがら泣かなしむとも朝にはよろこびうたはん
6 Esi mekpɔ be meli ke la, megblɔ be, “Nye la, nyemaʋuʋu kpɔ gbeɖe o.”
われ安けかりしときに謂く とこしへに動かさるることなからんと
7 O! Yehowa, esi nève nunye la, èna nye to li ke zã, gake esi nèɣla wò ŋkume ɖem la, nye mo tsi dãa.
ヱホバよなんぢ恵をもてわが山をかたく立せたまひき 然はあれどなんぢ面をかくしたまひたれば我おぢまどひたり
8 Yehowa, wòe meyɔ, Yehowae medo ɣli na be wòakpɔ nublanui nam.
ヱホバよわれ汝によばはれり 我ひたすらヱホバにねがへり
9 “Viɖe kae le eme ne donyeme gblẽ alo ne meyi ɖe aʋlime? Ɖe ʋuʋudedi akafu wòa? Ɖe wòaɖe gbeƒã wò nuteƒewɔwɔa?
われ墓にくだらばわが血なにの益あらん 塵はなんぢを讃たたへんや なんぢの眞理をのべつたへんや
10 See, O! Yehowa, eye nàkpɔ nye nublanui; O! Yehowa, kpe ɖe ŋunye.”
ヱホバよ聴たまへ われを憐みたまヘ ヱホバよ願くはわが助となりたまへ
11 Èna nye avifafa zu ɣeɖuɖu; èɖe akpanya le ŋutinye hetsɔ dzidzɔkpɔkpɔ do nam,
なんぢ踴躍をもてわが哀哭にかへわが麁服をとき歓喜をもてわが帯としたまへり
12 ale be nye dzi nadzi ha na wò, eye mazi ɖoɖoe o. O! Yehowa, nye Mawu, mada akpe na wò tegbetegbe.
われ榮をもてほめうたひつつ黙すことなからんためなり わが神ヱホバよわれ永遠になんぢに感謝せん

< Psalmowo 30 >