< Psalmowo 29 >

1 David ƒe ha. Mitsɔ bubu na Yehowa, O! Mi ŋusẽtɔwo, mitsɔ ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ na Yehowa.
מזמור לדוד הבו ליהוה בני אלים הבו ליהוה כבוד ועז
2 Mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze Yehowa ƒe ŋkɔ nɛ; misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atsyɔ̃ me.
הבו ליהוה כבוד שמו השתחוו ליהוה בהדרת-קדש
3 Yehowa ƒe gbe ɖi le tsiwo dzi; Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ɖe gbe, eye Yehowa ɖe gbe le tsi gãwo dzi.
קול יהוה על-המים אל-הכבוד הרעים יהוה על-מים רבים
4 Ŋusẽ le Yehowa ƒe gbe ŋu, eye ŋutikɔkɔe nye Yehowa ƒe gbe.
קול-יהוה בכח קול יהוה בהדר
5 Yehowa ƒe gbe ŋe Lebanon ƒe sedatiwo.
קול יהוה שבר ארזים וישבר יהוה את-ארזי הלבנון
6 Ena Lebanon ti kpo abe nyivi ene, eye Sirion hã abe tovi ene.
וירקידם כמו-עגל לבנון ושרין כמו בן-ראמים
7 Yehowa ƒe gbe ke dzo mia abe dzikedzo ene.
קול-יהוה חצב להבות אש
8 Yehowa ƒe gbe ʋuʋu dzogbenyigba, eye Yehowa ʋuʋu Kades Dzogbenyigba.
קול יהוה יחיל מדבר יחיל יהוה מדבר קדש
9 Yehowa na gboti sesẽwo ʋuʋu heyeheye, eye wòna avewo lũ xɛ. Le eƒe gbedoxɔ me la, ame sia ame do ɣli be, “Ŋutikɔkɔe!”
קול יהוה יחולל אילות-- ויחשף יערות ובהיכלו-- כלו אמר כבוד
10 Yehowa nɔ eƒe fiazikpui dzi gli le tsiɖɔɖɔ dzi. Woɖo Yehowa fia tso mavɔ me yi mavɔ me.
יהוה למבול ישב וישב יהוה מלך לעולם
11 Yehowa naa ŋusẽ eƒe dukɔ; eye wòyraa eƒe amewo kple ŋutifafa.
יהוה--עז לעמו יתן יהוה יברך את-עמו בשלום

< Psalmowo 29 >