< Psalmowo 28 >

1 David ƒe ha. O! Yehowa, nye Agakpe, wò yɔm mele, mègado tokum o. Elabena ne èzi ɖoɖoe la, manɔ abe ame siwo yi aʋlime la ene.
A psalm of David. Lord, my rock, I'm calling out to you. Please listen to me! For if you don't respond, I'll be like those who go down into the grave.
2 Esi mekɔ nye asiwo dzi ɖo ɖe wò Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔƒe la gbɔ la, se nye ɣlidodo na nublanuikpɔkpɔ, ne meyɔ wò be nàxɔ nam.
Listen as I appeal for mercy, as I call for help, as I hold up my hands in prayer towards your holy Temple.
3 Mègakplɔm kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu o, ame siwo ƒoa nu kple aƒelikawo fafɛ, gake vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le woƒe dzi me.
Don't drag me off with the wicked, with those who do evil, who speak nicely to their neighbors while in their minds they're plotting evil.
4 Ɖo eteƒe na wo le woƒe nuwɔnawo kple woƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo ta. Xe fe na wo ɖe nu si woƒe asiwo wɔ la nu, eye nàgbugbɔ tohehe si wodze na la ahe va wo dzii.
Give them what they deserve for their evil actions. Pay them back for what they've done. Give them the reward they've earned!
5 Esi womede bubu Yehowa ƒe nuwɔnawo kple eƒe asinudɔwo ŋuti o ta la, àgbã wo aƒu anyi, eye màgbugbɔ wo atu akpɔ gbeɖe o.
For they don't pay any attention to what the Lord does, or to what he created. So he will destroy them—they will never be restored.
6 Woakafu Yehowa, elabena ese ɣli si dom mele le nublanuikpɔkpɔ biam.
Praise the Lord! For he has heard my appeal for mercy!
7 Yehowae nye nye ŋusẽ kple akpoxɔnu; nye dzi ka ɖe eya amea dzi, eye wòɖem. Nye dzi ti kpo le dzidzɔkpɔkpɔ ta, eye mada akpe nɛ to hadzidzi me.
The Lord is my strength and my shield. I trust in him and he helps me. I'm so happy, and I sing my thanks to him.
8 Yehowae nye eƒe dukɔ ƒe ŋusẽ; ɖeɖe ƒe mɔ sesẽ wònye na eƒe amesiamina.
The Lord gives strength to his people; he is a safe refuge for the one he has anointed.
9 Ɖe wò dukɔ, eye nàyra wò domenyinu; nànye woƒe kplɔla, eye nàkɔ wo ɖe akɔnu tegbetegbe.
Save your people! Bless your “special possession”! Be their shepherd and carry them in your arms forever!

< Psalmowo 28 >