< Psalmowo 27 >

1 David ƒe ha. Yehowae nye nye kekeli kple nye ɖeɖe. Ame ka mavɔ̃? Yehowae nye mɔ sesẽ na nye agbe, ame ka adzi ŋɔ nam?
ダビデの歌 ヱホバはわが光わが救なり われ誰をかおそれん ヱホバはわが生命のちからなり わが懼るべきものはたれぞや
2 Ne ame vɔ̃ɖiwo lũ ɖe dzinye be woavuvum, ne nye futɔwo kple nye ketɔwo lũ ɖe dzinye la, woakli nu adze anyi.
われの敵われの仇なるあしきもの襲ひきたりてわが肉をくらはんとせしが蹶きかつ仆れたり
3 Togbɔ be aʋakɔ gã aɖe ɖe to ɖem hã la, nye dzi mavɔ̃ o, togbɔ be wodze aʋa ɖe ŋunye hã la, azɔ koŋ dzi aɖo ƒonye.
縦ひいくさびと営をつらねて我をせむるともわが心おそれじ たとひ戦ひおこりて我をせむるとも我になほ恃あり
4 Nu ɖeka mebia Yehowa, esiae nye be manɔ Yehowa ƒe aƒe me le nye agbemeŋkekewo katã me, ne malé ŋku ɖe Yehowa ƒe nyonyo ŋu, eye madii le eƒe gbedoxɔ me.
われ一事をヱホバにこへり我これをもとむ われヱホバの美しきを仰ぎその宮をみんがためにわが世にあらん限りはヱホバの家にすまんとこそ願ふなれ
5 Elabena le xaxaɣiwo la, atsyɔ nu dzinye le eƒe nɔƒe la me; aɣlam ɖe eƒe agbadɔ ƒe bebeƒe, eye wòakɔm aɖo agakpe kɔkɔ aɖe dzi.
ヱホバはなやみの日にその行宮のうちに我をひそませその幕屋のおくにわれをかくし巌のうへに我をたかく置たまふべければなり
6 Ekema nye ta akɔ dzi agbɔ nye futɔ siwo ƒo xlãm godoo la ta; matsɔ dzidzɔɣli asa vɔ nɛ le eƒe agbadɔ kɔkɔe la me. Madzi ha, eye maƒo saŋku na Yehowa.
今わが首はわれをめぐれる仇のうへに高くあげらるべし この故にわれヱホバのまくやにて歓喜のそなへものを献ん われうたひてヱホバをほめたたへん
7 O! Yehowa, se nye gbe, ne meyɔ wò; kpɔ nublanui nam, eye nàtɔ nam.
わが聲をあげてさけぶときヱホバよきき給へ また憐みてわれに應へたまへ
8 Nye dzi le gbɔgblɔm le ŋuwò be, “Di eƒe ŋkume!” Yehowa, wò ŋkumee madi.
なんぢらわが面をたづねもとめよと(斯る聖言のありしとき)わが心なんぢにむかひてヱホバよ我なんぢの聖顔をたづねんといへり
9 Mègaɣla wò ŋkume ɖem o, mègatrɔ wò dɔla ɖo ɖa le dɔmedzoe me o, elabena wòe nye nye xɔnametɔ. O! Mawu, nye Ɖela, mègagbe nu le gbɔnye alo agblem ɖi o.
ねがはくは御顔をかくしたまふなかれ 怒りてなんぢの僕をとほざけたまふなかれ汝はわれの助なり 噫わがすくひの神よ われをおひいだし我をすてたまふなかれ
10 Togbɔ be tɔnye kple nɔnye gblem ɖi hã la, Yehowa axɔm.
わが父母われをすつるともヱホバわれを迎へたまはん
11 O! Yehowa, fia wò mɔwom; kplɔm to mɔ dzɔdzɔe dzi, le ame siwo tem ɖe to la ta.
ヱホバよなんぢの途をわれにをしへ わが仇のゆゑに我をたひらかなる途にみちびきたまへ
12 Mègatsɔm de asi na nye futɔwo ƒe didi o, elabena alakpaɖasefowo tso ɖe ŋutinye kpe ɖe ame siwo lɔ ŋutasesẽ ƒe gbɔgbɔtsixɛ ɖe ƒo la ŋuti.
いつはりの證をなすもの暴厲を吐もの我にさからひて起りたてり 願くはわれを仇にわたしてその心のままに爲しめたまふなかれ
13 Esia nye nu si dzi meka ɖo la be: Makpɔ Yehowa ƒe nu nyuiwo le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.
われもしヱホバの恩寵をいけるものの地にて見るの侍なからましかば奈何ぞや
14 Kpɔ mɔ na Yehowa; sẽ ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo. Kpɔ mɔ na Yehowa.
ヱホバを俟望ぞめ雄々しかれ汝のこころを堅うせよ 必ずやヱホバをまちのぞめ

< Psalmowo 27 >